Eyome Israelviwo ƒe ha blibo la ho tso Elim va ɖo Sin-gbedadaƒo le Elim kple Sinai dome. Gbe ma gbee nye ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui atɔ̃lia gbe tututu esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi.
Wobe: “Ne Aƒetɔ ɖe wòwu mí le míaƒe lãzewo gɔme le Egipte, afi si míeɖua nu ɖia ƒo nyuie le la, ne menyo wu esia be miekplɔ mí ameha gã sia va gbedadaƒo afii, be dɔ newu mí, míaku oa?”
Tete Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mana abolo nadza tso dziƒo na mi ne ameawo ayi aɖafɔ gbe sia gbe. Gake abolo agbɔsɔsɔ sinu ame ɖeka ate ŋu aɖu gbe ɖeka la ko ame sia ame kpɔ mɔ afɔ le ŋkeke ɖeka dzi. Mawɔ esia atsɔ do wo kpɔ be woawɔ nye sewo dzi loo, alo womawɔ wo dzi o mahã.
Mose yi edzi be: “Ne Aƒetɔ na lã mi mieɖu le fiẽ, eye mieɖu abolo ɖi ƒo le ŋdi, elabe Aƒetɔ se miaƒe liʋiliʋĩ si mielĩ le eŋu la, nu ka míawo míenye? Menye míawo ŋu mielĩ o, ke boŋ Aƒetɔ ŋue mielĩ.
“Mese Israelviwo ƒe liʋiliʋĩlilĩ la. Gblɔ na wo be: ‘Le fiẽ me la, lã si miaɖu la ava na mi, eye etsɔ ŋdi la, miakpɔ abolo aɖu wòasu mi nyuie ne mianyae be nyee nye Aƒetɔ, mia Mawu la.’ ”
Se si Aƒetɔ de lae nye esi: ‘Ame sia ame nalɔ agbɔsɔsɔ si ade na eya ŋutɔ kple eƒe agbadɔmetɔwo le ŋkeke ɖeka me la ko, eye dzidzeme si wòaku ɖe ame ɖeka nu la nanye lita ene.’ ”
Esi wodzidze wo kple omer vɔ la, eva dze be ame siwo tɔwo sɔ gbɔ akpa la megbɔ dzidzemea dzi akpa o, eye ame siwo tɔwo mede o hã mele sue akpa o; ame sia ame lɔ esinu wòate ŋu aɖu la.
Eɖo eŋu na wo be: “Aƒetɔ be: ‘Etsɔ nye dzudzɔgbe, ŋkeke kɔkɔe na Aƒetɔ. Nuɖuɖua ƒe akpa si miatsɔ ƒo aboloe la, mitsɔe ƒoe, eye esi miaɖa la, miɖae. Ke midzra esi asusɔ la ɖo na etsɔ.’ ”
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ na dzudzɔgbe mi, eya tae wònaa ŋkeke eve ƒe nuɖuɖu mi le ŋkeke adelia dzi ɖo. Ame sia ame nenɔ aƒeme le ŋkeke adrẽa gbe. Ame aɖeke megado go o.”
Mose gblɔ be: “Aƒetɔ de se be: ‘Miku gomer ɖeka dzra ɖo ɖi, ne wòanɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime be mia viwo nava nya nuɖuɖu si metsɔ nyi mi le gbedadaƒo esime mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi gbɔna.’ ”
Israelviwo ɖu mana la ƒe bla ene sɔŋ, va se ɖe esime wova ɖo anyigba si dzi amewo le la dzi. Mana la ɖeɖe ko woɖu va se ɖe esime woɖo Kanaan-nyigba ƒe liƒo dzi.