Yehowa gblɔ na Mose be, “Mele gbɔwò va ge le lilikpo dodo aɖe me, ale be ameawo ŋutɔ nate ŋu ase nye gbe ne mele nu ƒom na wò, ekema woaxɔ dziwò ase ɣe sia ɣi.” Eye Mose gblɔ dukɔ la ƒe nyawo na Yehowa.
Ɖo liƒo siwo ŋu ameawo magbɔ o la na wo. Gblɔ na wo be, ‘Mikpɔ nyuie be mialia to la alo aka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ame sia ame si da le se sia dzi la dze na ku.
Ame aɖeke maka asi sedzidala sia ŋu o, ke boŋ woaƒu kpee alo woatee kple da wòaku. Woawɔ amegbetɔwo kple lãwo siaa nenema.’ Migate ɖe toa ŋu kura o va se ɖe esime miase lãdzokpẽ aɖe ƒe ɖiɖi zi ɖeka sesĩe. Ekema miaƒo ƒu ɖe to la te!”
Dzudzɔ tsyɔ Sinai to blibo la dzi, elabena Yehowa ɖi ɖe edzi le dzo ƒe nɔnɔme me. Dzudzɔ la yi dzi ʋĩi abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene. To blibo la ʋuʋu kpekpekpe.
Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi ameawo gbɔ, eye nàde se na wo be ame aɖeke mekpɔ mɔ agbɔ liƒoawo dzi o. Mele be woava afi sia, adze agbagba be yewoakpɔm o. Ame si ake atse la aku.
Mose ɖo nya sia ŋu na Yehowa be, “Ameawo mava Sinai toa dzi o, elabena ède se na wo be womekpɔ mɔ ava o. Ègblɔ nam be maɖo liƒowo ƒo xlã to la, eye mana ameawo nanya be womekpɔ mɔ ada ata liƒoawo o, elabena wotso teƒe si le liƒoawo godo la ɖi na wò.”
Ke Yehowa gagblɔ na Mose be, “Ɖi nàyi, eye nàkplɔ Aron ɖe asi vɛ. Mègaɖe mɔ be nunɔlawo kple ameawo nagbɔ liƒoawo dzi be yewoava afi sia o. Ne wotee kpɔ la, matsrɔ̃ wo.”