Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Dzo, dzo le afi sia, wò kple dukɔ si nèkplɔ tso Egipte-nyigba dzi, ne miayi anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob be, ‘Miaƒe dzidzimeviwo matsɔe ana’ la dzi.
Miyi anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la dzi; ke nyemanɔ mia dome ayi kpli mi o, ne menye nenema o la, matsrɔ̃ mi le mɔ dzi, elabe dukɔ kɔlialiatɔ mienye.”
Elabe do ŋgɔ la, Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Gblɔ na Israelviwo be: ‘Dukɔ kɔlialiatɔe mienye. Ne mezɔ kpli mi aɖabaƒoƒo ɖeka pɛ ko hã la, matsrɔ̃ mi keŋkeŋ. Miɖe miaƒe atsyɔ̃ɖonuwo katã da ɖi ne manya nu si mawɔ mi.”
Azɔ la Mose tu Aƒetɔ Nɔƒegbadɔ ɖe asaɖa la godo, ɖe adzɔge ke. Eyɔe be godoƒegbadɔ. Ame sia ame si di be yeabia nu Aƒetɔ la yia godoƒegbadɔ la gbɔ le asaɖa la godo.
Ale Aƒetɔ ƒoa nu kple Mose ŋkume kple ŋkume abe xɔlɔ̃ kple xɔlɔ̃ ene. Eyome Mose gatrɔna vaa asaɖa la me. Ke eƒe kpeɖeŋutɔ Yosua, Nun vi, ɖekakpui la ya medzona le agbadɔ la gbɔ o.
Mose gblɔ na Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ègblɔ nam be: ‘Kplɔ dukɔ sia’ gake meyɔ ame si dɔ ge nèle be wòakpe ɖe ŋunye la ŋkɔ nam o. Evɔ ègblɔ be: ‘Menya wò, nya wò ŋkɔ, eye mekpɔ ŋudzedze le ŋuwò’ hafi.
Eya ta, azɔ la, meɖe kuku, ne èkpɔ ŋudzedze le ŋunye la, ekema na manya wò mɔwo, eye madze sii be èkpɔ ŋudzedze le ŋunye nyateƒe. Bu eŋu hã be dukɔ sia la, wò ŋutɔ wò dukɔe.”
Ne mèzɔ kpli mí o la, ale ke amewo awɔ anya be èkpɔ ŋudzedze le nye kple wò dukɔ la siaa ŋu? Menye wò zɔzɔ kpli mi mee woakpɔe adze sii le be nye kple wò dukɔ la míeto vovo le anyigba dzi dukɔ bubuwo katã dome oa?”
Aƒetɔ be: “Mana nye atsyɔ̃ɖoɖo blibo la ava to ŋkuwò me ayi, eye maɖe gbeƒã nye ŋkɔ le ŋgɔwò be ‘Aƒetɔ lae’. Ame sinu medi be mave la, eya nue mave, eye ame si melɔ̃ be makpɔ nublanui nala, eyae makpɔ nublanui na.