Evea amegbetɔwo nu le dzidzime akpe nanewo me, eye wòtsɔa vodadawo, dzidadawo kple nuvɔ̃wo kena, ke megbea tohehe na ame o. Exea vi tɔ́wo ƒe vodadawo ŋuti fe na viwo kple wo viwo ƒe viwo va se ɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi.”
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Kpɔ ɖa, mebla nu kpli wò. Mele nukunu siwo ƒomevi womewɔ le anyigba blibo la dzi alo le dukɔ aɖeke me kpɔ o la wɔ ge le wò dukɔ blibo la ŋkume. Dukɔ blibo si dome nèle la akpɔ Aƒetɔ ƒe nukunu, elabe nu dziŋɔ wònye wɔ ge mala.
“Ɖo ŋku Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la dzi mianɔ ɖuɖum. Ɖu abolo si me womede amɔwɔʋãnui o la ŋkeke adrẽ le nuŋeɣleti, Abib, me abe ale si meɖoe na mi la ene, elabe ɣleti, Abib, mee mieʋu dzo le Egipte.
Gake ne tedzi dzi vi gbãtɔ wònye atsu la, ele be nàtsɔ alẽvi aɖɔlii, eye ne maɖɔlii o la, ekema nàŋe kɔ le enu. Ele be miaɖɔli miaƒe viŋutsu ŋgɔgbeawo katã ta. Ame aɖeke megava ŋkunye me asi ƒuƒlu o.
Mose nɔ Aƒetɔ gbɔ le toa dzi, ŋkeke bla ene, zã bla ene, nu maɖumaɖu, tsi manomanoe eye wòŋlɔ nubabla la ƒe nyawo ɖe kpeawo dzi. Nya siawoe nye Se Ewoawo.
Esi Mose lé kpe eveawo, siwo dzi Se Ewoawo le la ɖe asi, eye wòɖi tso Sinai-toa dzi gbɔna la, eƒe mo nɔ keklẽm, esi wòƒo nu kple Aƒetɔ ta, gake menya o.