1
Bezaleel tsɔ xeti kpa aɖaka lae. Aɖaka la didi sentimeta alafa ɖeka kple ewo, keke sentimeta bla ade vɔ ade eye wòkɔ sentimeta bla ade vɔ ade.
2
Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu kple eme siaa eye wòtsɔe do atsiã ɖe eŋu godoo va kpe.
3
Ewɔ sikasigɛ ene na dzogoeawo: eve le akpa ɖeka eye eve le akpa evelia hã.
4
Etsɔ xeti kpa kpowo eye wofa sika ɖe wo ŋu.
5
Etsɔ kpoawo ƒo ɖe asigɛawo me le aɖaka la ƒe axawo dzi be woate ŋu akɔ aɖaka la.
6
Eyome etsɔ sika nyuitɔ wɔ nutuvi na aɖaka la. Nutuvia didi sentimeta alafa ɖeka kple ewo, eye wòkeke sentimeta bla ade vɔ ade.
7
Etsɔ sika tu kerubi eve ɖe nutuvia ƒe nugbɔ eveawo.
8
Kerubi ɖeka le akpa ɖeka dzi eye kerubi evelia le akpa evelia dzi; ale kerubiawo le nutuvia ƒe akpa eveawo dzi.
9
Kerubiawo klẽ aʋala do ɖe dzi hedo vɔvɔli ɖe nutuvia dzi. Wodze ŋgɔ wo nɔewo eye wode mo to ɖe nutuvia dzi.
10
Etsɔ xe kpa kplɔ̃ la. Kplɔ̃a didi sentimeta bla enyi vɔ enyi, keke sentimeta bla ene vɔ ene, eye wòkɔ sentimeta bla ade vɔ ade.
11
Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, eye wòtsɔ sika do atsiã ɖe eŋu kpe ɖo.
12
Eɖo to nɛ kpe ɖo. To la keke milimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃ ƒo xlãe. Etsɔ sika nyuitɔ do atsiã na eya hã kpe ɖo.
13
Ewɔ sikasigɛ ene ɖe eŋu, eye wòklã asigɛ siawo ɖe kplɔ̃a ƒe afɔ eneawo ƒe dzogoe eneawo dzi.
14
Asigɛawo te ɖe kplɔ̃a to ŋu be woaƒo kpo ɖe wo me akɔ kplɔ̃ lae.
15
Etsɔ xe kpa kpoawo hãe, eye wòfa sika ɖe woawo hã ŋu.
16
Ewɔ kplɔ̃a dzi nuwo katã kple sika nyuitɔ: agba gbadzɛwo, agba goboewo na lifi ŋu dɔwɔwɔ, kplu kple trewo na tsiƒoƒoɖi.
17
Etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti la hã. Ewɔ akaɖiti la, eƒe afɔ kple titinati la eye wòwɔ eŋukɔwo, seƒoƒowo kple wo tamekukuwo katã ɖekae.
18
Alɔ adee le akaɖiti la ƒe axa eveawo dzi; etɔ̃ le akpa ɖeka eye etɔ̃ le akpa evelia hã.
19
Seƒoƒo etɔ̃ kple wo tamekukuwo le alɔ ɖeka ŋu eye etɔ̃ le wo tamekukuwo ƒe alɔ evelia hã ŋu. Alea wole alɔ ade le akaɖitia ŋuti kpe ɖoe.
20
Seƒoƒo ene kple wo tamekukuwoe le atia ŋutɔ ya ŋu.
21
Seƒoƒo ɖeka kple etamekuku le alɔ eveve ƒe kpeƒe le atia ŋu.
22
Kɔawo kple alɔawo nye nu ɖeka le atia ŋu. Sika nyuitɔ wotsɔ tu akaɖiti blibo lae.
23
Ewɔ akaɖi adrẽ ɖe edzi. Ewɔ akaɖimekalãnu kple ganu suesuewo hã kpe ɖe eŋu. Sika nyuitɔ wòtsɔ wɔ nu siawo katãe.
24
Sika nyuitɔ kilo bla etɔ̃ vɔ atɔ̃e wòtsɔ tu akaɖiti la kple eŋu nuawo katãe.
25
Etsɔ xe kpa lifivɔsamlekpui hã. Vɔsamlekpuia ƒe didime nye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃ eye eƒe kekeme hã nye sentimeta bla ene vɔ atɔ̃; wosɔ le go enea me, ke eƒe kɔkɔme ya nye sentimeta bla asieke. Dzogoe ene me wòle. Ekpa vɔsamlekpui la kple dzogoeawo katã ɖekae.
26
Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu. Efae ɖe edzi, ekɔgo kple eƒe dzoawo hã ŋu. Etsɔ sika do atsiã ɖe eto godoo va kpe.
27
Ewɔ sikasigɛ eve de eƒe axa eveawo dzi, le atsiãdodoa te, ale be woaƒo kpo ɖe wo me akɔe.
28
Etsɔ xe kpa kpoawo eye wòfa sika ɖe wo ŋu.
29
Ewɔ ami sisi kɔkɔe la hã. Etsɔ atike ʋeʋẽewo wɔ lifi si ʋẽna lililĩ abe ami ʋeʋẽe wɔlae wɔe ene.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014