Dzigbemekpa hã didi meta bla ene vɔ ene, eye wotu kpɔti bla eve siwo gɔme akɔblifɔ bla eve le la ɖe eŋu; ke etsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe.
Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, avɔ la didi meta bla eve vɔ eve, kpɔti ewo siwo gɔme afɔ ewo le la le eŋu eye wotsɔ klosalo wɔ kpɔtiawo ŋu ga gɔdɔ̃eawo kple helétiawoe.
Ena avɔlɔ̃la tsɔ aɖabɛ blɔtɔ ƒe ka, hẽtɔ ƒe ka, dzẽtɔ ƒe ka kple ɖeti ɣi dada lɔ̃ avɔ si woatsi ɖe nɔƒea ƒe agbo nu. Ena wota nu ɖe eme hã kple abui. Mɔnuvɔ la didi meta asieke eye wòkɔ meta eve abe avɔ bubu siwo hã le kpɔa me la ene. Wotsɔ abui ta atsyɔ̃ɖonuwo ɖe eme.
Agbadɔa tutu ƒe dzeside si wolé da ɖie nye esi: agbadɔ si me nubabla la le la, abe ale si Mose de see ene, hena Levi viwo ƒe dɔwɔwɔ le Itamar, nunɔla Aron viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te.
Sika siwo katã ŋudɔ wowɔ le dɔ la wɔwɔ kple kɔkɔeƒe la katã tutu me kpakple sika si tso nudzɔdzɔ me la ƒe kpekpeme le kilo akpe ɖeka le kɔkɔeƒe la ƒe nudada nu.
Ŋutsu siwo katã woxlẽ, ame siwo xɔ ƒe bla eve alo wu nenema la, le ame akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ bla atɔ̃, eye wo dome ame sia ame na beka ɖeka si nye sekel kɔkɔe afã.