Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Wɔ nu sia ekema Israelviwo axɔe se be nye Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu: Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu la, meɖe ɖokuinye fia wò vavã.”
Gake Mose gagblɔ na Aƒetɔ be: “Taflatsɛ, nye Aƒetɔ, nu menya ƒona nam o; menye egbe o, menye etsɔ o, eye menye tso esime nèdze nuƒoƒo gɔme nam hã o. Nye aɖe metrɔna ɖe nya ŋu o.”
Tete Aƒetɔ biae be: “Ame kae wɔ nu na ame? Ame kae nana be ame ƒe to kuna alo ame ƒe aɖe tuna? Ame kae nana be ame kpɔa nu alo nyea ŋkuagbãtɔ? Ɖe menye nye, Aƒetɔ ye oa?
Aƒetɔ do dziku ɖe eŋu azɔ, eye wògblɔ be: “Nɔviwò Aron Levitɔ la meli oa? Menya be eƒoa nu nyuie. Egbɔna gɔ̃ be yeava kpe wò. Ne eva ke ɖe ŋuwò la, dzi adzɔe ŋutɔ.
Tete Mose trɔ gbɔ va toa Yetro gbɔ va gblɔ nɛ be: “Taflatsɛ, ɖe mɔ nam ne matrɔ yi nɔvinyewo gbɔ le Egipte aɖakpɔ ɖa be wogale agbe mahã.” Yetro ɖo eŋu be: “Heyi le ŋutifafa me.”
Aƒetɔ gblɔ na Mose be: “Ne èɖo Egipte la, ɖo ŋku edzi nàwɔ nukunu siwo katã metsɔ de asi na wò la le Egipte Fiagã la ŋkume. Mana eƒe dzime nasẽ ale be maɖe asi le dukɔ la ŋu woadzo o.