ke Fiagã la maɖo to mi o. Maɖo asi Egipte dzi akplɔ nye aʋakɔ, nye dukɔ Israelviwo, ado goe tso Egipte-nyigba dzi to nu gã siwo mawɔ atsɔ ahe toe na wo la me.
“Ne Egipte Fiagã la gblɔ na mi be: ‘Miwɔ nukunu aɖe míakpɔ’ la, ekema nàgblɔ na Aron be: ‘Tsɔ wò atizɔti da ɖe anyigba le Egipte Fiagã la ŋkume ne wòazu da.’ ”
Ale Mose kple Aron woyi Egipte Fiagã la gbɔ, eye wowɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo be woawɔ la: Aron ɖe asi le eƒe atizɔti la ŋu da ɖe anyigba le Fiagã la kple eŋumewo ŋkume, eye wòtrɔ zu da.
Gblɔ nɛ be: ‘Aƒetɔ, Hebritɔwo ƒe Mawu la dɔm ɖe gbɔwò be magblɔ na wò be: Ɖe asi le nye dukɔ ŋu ne woayi aɖasubɔm le gbedadaƒo. Gake ègbe va se ɖe fifi.
Mose kple Aron wɔ nu si Aƒetɔ gblɔ na wo la. Ekɔ atizɔti la dzi le Egipte Fiagã kple eŋumewo ŋkume, eye wòƒo tsia dzi. Tete Nil-tɔsisi me tsi la katã trɔ zu ʋu.
Ke Egiptetɔwo ƒe nukunuwɔlawo hã to woƒe ayemɔwo dzi wɔ nukunu siawo ke. Ale abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ɖi ene la, Egipte Fiagã la ƒe dzime gasẽ ko, eye wògbe be yemaɖo to Mose kple Aron ƒe gbe o.