Ke le esiawo megbe hã la, Farao maɖo to wò o. Ekema mana nye asi nava Egiptetɔwo dzi, mabu fɔ wo kple nukudɔ geɖewo, eye makplɔ nye amehawo, nye dukɔ, Israel, adzoe le Egiptenyigba dzi.
Ale Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wowɔ nukunu la abe ale si Yehowa ɖo na wo ene. Aron ɖe asi le eƒe atikplɔ ŋu da ɖe anyigba le Farao kple eŋumewo ŋkume, eye wòzu da.
“Togbɔ be nuwo anɔ alea hã la, gbugbɔ yi Farao gbɔ le ŋdi me, esime wòanɔ tɔsisi la to yim. Tsi tsitre ɖe tɔsisi la to, eye nàdo goe le afi ma; nàlé wò atikplɔ si zu da la ɖe asi.
Azɔ la, Yehowa gblɔ be, ‘Èle si dze gee be nyee nye Yehowa, elabena megblɔ na Mose be wòatsɔ eƒe atikplɔ la aƒo Nil tɔsisi la ƒe tsi dzi, eye tɔsisi la atrɔ azu ʋu!
Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron be, ‘Tsɔ wò atikplɔ do ɖe Egipte tsiwo katã dzi ekema Egipte tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo, tsi si woku da ɖi katã atrɔ zu ʋu! Ʋu anɔ afi sia afi le Egiptenyigba dzi, anɔ tsitɔkpowo kple kpezɔwo gɔ̃ hã me.’ ”
Mose kple Aron wowɔ nu si Yehowa ɖo na wo be woawɔ. Aron ƒo Nil tɔsisi la kple eƒe atikplɔ la, eye tɔsisi la trɔ zu ʋu le Farao kple eŋumewo katã ŋkume.
Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo hã wɔ woƒe nunya ɣaɣlawo ŋu dɔ, eye woawo hã wotrɔ tsi wòzu ʋu. Nu sia na Farao ƒe dzi me gasẽ kokoko. Meɖo to Mose kple Aron o, abe ale si Yehowa gblɔe do ŋgɔ ene tututu.