Mose gblɔ be, “Ve nunye, eye nàgblɔ ɣeyiɣi si nàna woayi la nam ekema mado gbe ɖa be akpɔkplɔawo naku le ɣeyiɣi si dzi tututu nàtɔ asii la dzi. Akpɔkplɔawo aku le afi sia afi negbe le tɔsisi la me ko.”
Farao ɖo eŋu nɛ be, “Wɔe etsɔ si gbɔna.” Mose yi edzi be, “Enyo, ava eme abe ale si nègblɔ ene, ekema ànya be, ame aɖeke mede Yehowa, mía Mawu la nu o.
Le esia megbe la, Yehowa gblɔ na Mose be, “Fɔ etsɔ ŋdi kanya, nàdo go Farao esime wòyina tsi le ge le tɔsisi la me. Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: ɖe asi le nye amewo ŋu woayi aɖasubɔm.
“ ‘Gake gbe ma gbe la, mana nuwo nato vovo le Gosenyigba dzi, afi si nye amewo le. Togbatowo ƒe ha manɔ afi ma ya o. Ale nànyae be nye Yehowa mele anyigba sia dzi,
Yehowa wɔ abe ale si wògblɔ ene. Togbatowo ƒe ha gã aɖe nye zi ge ɖe Farao ƒe fiasã la me kple eƒe dumegãwo ƒe aƒewo me, eye togbatoawo gblẽ nu le Egiptenyigba blibo la dzi.
Farao ɖo eŋu be, “Enyo, maɖe mɔ na mi be miayi aɖasa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la, gake migayi didiƒe sãa o. Azɔ la, miɖe abla miaɖe kuku na miaƒe Mawu la ɖe tanye.”
Mose lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Ne medzo le gbɔwò la, mabia Yehowa be wòana togbatoawo katã nabu. Ke mele nya gbem na wò be mègable mí azɔ, ado ŋugbe na mí be yeaɖe asi le ameawo ŋu, eye emegbe nàgatrɔ susu o.”