×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Salomo ƒe Lododowo 1

1
Israel-fia Salomo, David vi la ƒe lododowoe nye esiawo:
2
Wonana be ame dzea nunya, eye wòxɔa hehe; wonana be ame sea nya detowo gɔme.
3
Wonaa hehe ame wòwɔa nu nunyatɔe; wonana be wòwɔa nu dzɔdzɔe, tia nya dzɔdzɔe yome, eye wòtsoa nya me sɔsɔe.
4
Wofiaa aɖaŋudzedze ame makpɔnuteƒewo, eye wowɔa sɔhɛwo sidzelawo kple tamebulawoe.
5
Nunyala nese lododoawo, ne wòadzi eƒe nunya ɖe edzi; nugɔmesela nese wo, ne wòadze aɖaŋu ɖe edzi,
6
bene wòase lododowo, abebubuwo, nunyala ƒe nyawo kple adzowo gɔme.
7
Aƒetɔ -vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze; bometsilawo doa vlo nunya kple amehehe.
8
Vinye, ɖo to tɔ́wò ƒe amehehe, eye mègagbe nɔwò ƒe nufiame o,
9
elabe tablanu dzeani wonye na wò ta, kɔmegɛ atsyɔ̃ɖonu na wò kɔ.
10
Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, mègalɔ̃ o.
11
Ne wobe: “Va míyi, míaɖade xa, awu ame. Na mífiti ame maɖifɔ dzodzro ko.
12
Míatsrɔ̃ wo abe ale si tsiẽƒe miaa ame agbagbee ene, ne woaɖi wo bliboe abe ale si woyia aʋlimee ene.
13
Míaƒe asi asu kesinɔnu nyuiwo dzi, míatsɔ aboyonu ayɔ míaƒe xɔwo me.
14
Va wɔ ɖeka kpli mí, gakotoku ɖeka nanɔ mí katã si” la,
15
vinye, mègazɔ kpli wo o; mègaɖo afɔ woƒe toƒe o.
16
Elabe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu wole du dzi ɖo, eye ʋukɔkɔɖi ŋu wole abla ɖem ɖo.
17
Elabe dzodzroe woɖoa mɔ̀ na xevi le xevia ŋkume.
18
Ke ame siawo de xa ɖe woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋu; woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋu wole adeklo dzi ɖo.
19
Alea ko wòwua enu na ame siwo katã tsɔa ŋutasesẽ tia viɖe yomee: Viɖe lae ɖea ekpɔlawo ƒe agbe ɖa.
20
Nunya le ɣli dom bobobo le ablɔ dzi; ekɔ gbe dzi le asiwo me.
21
Ele ɣli dom le ame yɔm le dutakpeƒe le gbɔgblɔm le dua ƒe agbowo nu be:
22
“O, movitɔwo, ɣe ka ɣi miadzudzɔ movinuwɔwɔ? Fewuɖulawo ɖe, ɣe ka ɣi woadzudzɔ fewuɖuɖu? Bometsilawo ɖe, ɣe ka ɣi woadzudzɔ fuléle nunya?
23
Milé to ɖe nye mokaname ŋu. Kpɔ ɖa, matrɔ nye gbɔgbɔ akɔ ɖe mia dzi, eye mana miadze si nye nyawo.
24
Elabe meyɔ mi, miegbe tɔtɔ. Medo abɔ ɖe mi, ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme nam o.
25
Miedo toku nye aɖaŋuɖoɖowo katã, eye miegbe nye mokaname.
26
Eya ta nye hã mako mi ne dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe mia dzi. Ne ŋɔdzi lé mi la, maɖe alɔ me le mia ŋu.
27
Ne ŋɔdzi lɔ mi ɖe nu abe ahomya ene, ne miaƒe dzɔgbevɔ̃e ho va lɔ mi abe yali gblẽnu ene eye hiã kple xaxa ɖi kpe mi la,
28
woayɔm, ke nyematɔ o; woadim vevie, ke womakpɔm o,
29
elabe wolé fu nunya eye wometia Aƒetɔ -vɔvɔ̃ o.
30
Elabe wogbe nye aɖaŋuɖoɖo, eye wodo vlo nye mokanamewo katã.
31
Eya ta woaɖu woƒe nuwɔnawo ƒe kutsetse wòati ko na wo.
32
Elabe ame makpɔnuteƒewo la, amegbemasemasee wua wo, eye bometsilawo la, kakaɖeameɖokuidzie tsrɔ̃a wo.
33
Ke ame si ɖoa tom la, anɔ anyi le dziɖeɖi me, eye ne dzɔgbevɔ̃e do ŋɔdzi nɛ la, dzi maɖe le eƒo o.”
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes