|
| 1 |
|
| Salomo ƒe lododowoe nye esiawo: Vi nyanu doa dzidzɔ na tɔ́a; ke vi tsibome nye nuxaxa na nɔa. |
|
| 2 |
|
| Kesinɔnu si wokpɔ to nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me meɖea vi o; ke nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea ame tso ku me. |
|
| 3 |
|
| Aƒetɔ menana be dɔ wua ame dzɔdzɔe o, ke exea mɔ na ame vɔ̃ɖi ƒe nudidi. |
|
| 4 |
|
| Alɔ gblɔdɔ wɔwɔ nana be wodaa ahe, ke veviedonula ƒe asi hea kesinɔnu vɛ. |
|
| 5 |
|
| Vi si ƒoa nu ƒu le dzomeŋɔli la, vi nyanu ye; ke vi si dɔa alɔ̃ le nuŋeɣi la, vi doŋukpeame ye. |
|
| 6 |
|
| Yayra nɔa ame dzɔdzɔe ƒe ta dzi, ke ŋutasesẽ bèna ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe nu me. |
|
| 7 |
|
| Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe dzi nye yayra, ke ame vɔ̃ɖi ŋkɔ anyunyɔ. |
|
| 8 |
|
| Ame si nunya le ta gbɔ na la wɔa se dzi; ke bometsila nu kpoloe ƒola dzea gbegblẽ me. |
|
| 9 |
|
| Ame si nɔa agbe fɔɖiɖi manɔmee la, nɔna dedie; ke nu fitifiti wɔla ƒe nya dzea go. |
|
| 10 |
|
| Ame si miaa ŋku ɖe ame la hea masɔmasɔ vanɛ, ke ame si kaa mo na ame vɔvɔ̃ manɔmee la, wɔa ŋutifafa. |
|
| 11 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe nu nye agbevudo; ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu ɣlaa ŋutasesẽ. |
|
| 12 |
|
| Fuléle hea dzre vɛ, ke lɔlɔ̃ tsyɔa dzidadawo katã dzi. |
|
| 13 |
|
| Wokpɔa nunya le nugɔmesela ƒe nuƒo me; ke ameƒotie dze na ame manyanu ƒe dzime. |
|
| 14 |
|
| Nunyala ƒoa ƒu sidzedze ɖi; ke bometsila ƒe nuƒo blóbloblo gogo gbegblẽ. |
|
| 15 |
|
| Hotɔ ƒe du sesẽ nye eƒe kesinɔnu; ke hiãtɔ ƒe ahedada nye eƒe tsɔtsrɔ̃. |
|
| 16 |
|
| Ame dzɔdzɔe tsɔa eƒe fetu nɔa agbee; ke ame vɔ̃ɖi tsɔa eƒe viɖe wɔa nuvɔ̃e. |
|
| 17 |
|
| Ame si lɔ̃a nufiame, le agbemɔ dzi; ke ame si gbe mokaname la traa mɔ. |
|
| 18 |
|
| Ame si ɣla fuléle la alakpatɔ wònye, eye ame si kaa aʋatso ɖe ame si la, movitɔ ye. |
|
| 19 |
|
| Nya tatra megbea nuƒo vivivo me o; ke ame si kpɔa eƒe nu dzi la, nunyala ye. |
|
| 20 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe aɖe la, klosalo dzadzɛtɔ ye; ame vɔ̃ɖi ƒe susu ya meɖi naneke o. |
|
| 21 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe nuƒo nyia ame geɖe, ke susumanɔamesi wua bometsilawo. |
|
| 22 |
|
| Aƒetɔ ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, dagbadagba manɔmee. |
|
| 23 |
|
| Nu vlo wɔwɔ nye fefe ko na bometsila la; ke nu wɔwɔ ɖe nunya me doa dzidzɔ na nugɔmesela. |
|
| 24 |
|
| Nu si vɔ̃m ame vɔ̃ɖi le la, eyae dzɔna ɖe edzi. Ke ame dzɔdzɔe ƒe didi ya vaa eme nɛ. |
|
| 25 |
|
| Ne ahom tu la, ame vɔ̃ɖiwo nu yina; ke ame dzɔdzɔewo ya lia ke tegbee. |
|
| 26 |
|
| Ale si aha tsitsi nyɔa aɖui, eye dzudzɔ yɔa ŋkui la, nenema kuviatɔ le na ame si dɔ dɔe la. |
|
| 27 |
|
| Aƒetɔ -vɔvɔ̃e dzia agbe ɖe edzi; ke ame vɔ̃ɖi ƒe ƒèwo nu tsona kpo! |
|
| 28 |
|
| Dzidzɔe nye ame dzɔdzɔe ƒe mɔkpɔkpɔ; ke ame vɔ̃ɖi ƒe ŋuɖoɖo zua dzodzro. |
|
| 29 |
|
| Aƒetɔ nye mɔ́ sesẽ na fɔmaɖila; ke ehea gbegblẽ vaa nu vlo wɔlawo dzi. |
|
| 30 |
|
| Womaɖe ame dzɔdzɔe ɖa le enɔƒe akpɔ o; ke ame vɔ̃ɖi ya manɔ anyigba la dzi o. |
|
| 31 |
|
| Nunya doa go tso ame dzɔdzɔe ƒe nu me; ke alakpaɖe ya, woalãe ɖa. |
|
| 32 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe numenya sɔa to me; ke ame vɔ̃ɖi ƒe nu nye alakpago. |
|
|
|
|