|
| 1 |
|
| Yehowa tsri nudanu amebatɔ, ke nudakpe si de blibo la nye eƒe dzidzɔ. |
|
| 2 |
|
| Dada doa ŋgɔ na ŋukpeɖuɖu, ke ɖokuibɔbɔ hea nunya vɛ. |
|
| 3 |
|
| Ame dzɔdzɔewo ƒe ta me nyui ɖoɖo kplɔa wo, ke nuteƒemawɔlawo la, woƒe dzi me eve susu tsrɔ̃a wo. |
|
| 4 |
|
| Kesinɔnu nye nu dzodzro le dzikudogbe, ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tso ku me. |
|
| 5 |
|
| Ame maɖifɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye taa mɔ dzɔdzɔe ɖe wo ŋgɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔ̃wɔwɔ hea wo ƒua anyi. |
|
| 6 |
|
| Ame dzɔdzɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖea wo, ke didi vlowo zua mɔ ɖea nuteƒemawɔlawo. |
|
| 7 |
|
| Ne ame vɔ̃ɖi ku la, eƒe mɔkpɔkpɔ tsrɔ̃na, nu siwo katã wòle mɔ kpɔm na tso eƒe ŋusẽ me la zua tofloko. |
|
| 8 |
|
| Woɖea ame dzɔdzɔe tso fu me eye wòvaa ame vɔ̃ɖi la dzi boŋ. |
|
| 9 |
|
| Mawumavɔ̃la tsɔa eƒe nu gblẽa ehavi domee, ke woɖea ame dzɔdzɔe la to sidzedze me. |
|
| 10 |
|
| Ne nu dze edzi na ame dzɔdzɔe la, du blibo kpɔa dzidzɔ, ke ne ame vɔ̃ɖi tsrɔ̃ la, wodoa dzidzɔɣli. |
|
| 11 |
|
| To dzɔdzɔetɔ ƒe yayra dzi wodoa du ɖe dzi, ke wotsrɔ̃nɛ to ame vɔ̃ɖi ƒe nu dzi. |
|
| 12 |
|
| Ame manyanu doa vlo ehavi, ke ŋutsu nugɔmesela léa eƒe aɖe. |
|
| 13 |
|
| Amenyagblɔla ʋua go nya ɣaɣla, ke ame ɖɔʋu ɣlaa nya. |
|
| 14 |
|
| Dukɔ aɖe dzea anyi, ne mɔfiala meli o, ke dziɖuɖu vana to aɖaŋuɖola geɖewo dzi. |
|
| 15 |
|
| Ame si de megbe na ame bubu la akpe fu, ke ame si gbe akpesisi abe ŋugbedodo ƒe dzesi ene la anɔ dedie. |
|
| 16 |
|
| Wodea bubu nyɔnu dɔmenyotɔ ŋu, ke ŋutsu ŋutasẽlawo ƒe asi sua kesinɔnu ko dzi. |
|
| 17 |
|
| Ŋuistu dɔmenyotɔ wɔa nyui na eɖokui, gake ŋutsu ŋutasẽla hea hiã vaa eɖokui dzii. |
|
| 18 |
|
| Woxea fetu si me beble le la na ame vɔ̃ɖi, ke ame si ƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku la axa nu geɖe. |
|
| 19 |
|
| Ame si nye dzɔdzɔetɔ vavã la, akpɔ agbe, ke ame si ti nu vɔ̃ɖi yome la yia eƒe ku me. |
|
| 20 |
|
| Yehowa tsri ame siwo ƒe dzi daa alakpa, ke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe mɔwo ŋu o la ƒe nu nyoa eŋu. |
|
| 21 |
|
| Maka ɖe esia dzi na mi be, womagbe tohehe na ame vɔ̃ɖi la o, ke woana ablɔɖe ame dzɔdzɔewo. |
|
| 22 |
|
| Abe ale si sikaŋɔtigɛ nɔa ha ƒe ŋɔtimee ene la, nenema kee nye nyɔnu dzetugbe si meɖoa ŋu ɖo o. |
|
| 23 |
|
| Ame dzɔdzɔewo ƒe didiwo vaa eme na wo nyuie, ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔkpɔkpɔ wua nu le dziku me. |
|
| 24 |
|
| Ame ɖeka naa nu faa gake egakpɔa geɖe ɖe edzi, ame bubu vea nu le nu si wòle be wòana la ŋu gake ahe ko wòdana. |
|
| 25 |
|
| Nu adze dzi na ame si na nu faa, ame si na amewo ƒe dzi dze eme la, woana eya ŋutɔ hã ƒe dzi nadze eme. |
|
| 26 |
|
| Ame si tsɔ bli ɣla la amewo aƒo fi adee gake yayra ava ame si lɔ̃ be yeadzra etɔ la dzi. |
|
| 27 |
|
| Ame si ti nyui yome la, amewo adi nyui nɛ gake vɔ̃ vana na ame si le vɔ̃ dim. |
|
| 28 |
|
| Ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi la adze anyi gake ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe gbe dama ene. |
|
| 29 |
|
| Ame si he dzɔgbevɔ̃e va eƒe ƒome dzi la, ya anye eƒe domenyinu eye bometsila anye subɔla na nunyala. |
|
| 30 |
|
| Ame dzɔdzɔe ƒe kutsetse nye agbeti, eye ame si ɖea luʋɔwo la, nunyalae. |
|
| 31 |
|
| Ne ame dzɔdzɔewo xɔ wo tɔ gome le anyigba dzi la, ekema aleke wòahanɔ na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo! |
|
|
|
|