|
| 1 |
|
| Nunya tsoa eƒe aƒe; ke bometsitsi gbãnɛ kple eya ŋutɔ ƒe asi. |
|
| 2 |
|
| Ame si nɔa agbe dzɔdzɔe la vɔ̃a Aƒetɔ; ke ame si nɔa agbe trama la doa vloe. |
|
| 3 |
|
| Bometsila ƒe nuƒo nye ameƒoti na eƒe dàda; ke nunyalawo ƒe nuƒo akpɔ wo ta. |
|
| 4 |
|
| Ne nyitsuwo meli o la, bli menɔa anyi o, ke agblemenu geɖe kpɔkpɔ tsoa nyitsu ƒe ŋusẽ me. |
|
| 5 |
|
| Ɖasefo wɔnuteƒe mekaa aʋatso o; ke aʋatsoɖasefo daa alakpa. |
|
| 6 |
|
| Fewuɖula dia nunya doa kpoe; ke sidzedze le bɔbɔe na nugɔmesela. |
|
| 7 |
|
| Te ɖa le bometsila gbɔ elabe màse nunya le enu o. |
|
| 8 |
|
| Aɖaŋudzela ƒe nunyae nye be yease nu si yeawɔ la gɔme; ke bometsila ƒe movidzɔdzɔe nye beble. |
|
| 9 |
|
| Mawu ɖea alɔ me le ame vɔ̃ɖiwo ŋu, ke evea nu dzɔdzɔe wɔlawo nu. |
|
| 10 |
|
| Ame ŋutɔe nya vevesese si le eƒe dzime, eye ame tutɔ mate ŋu akpɔ dzidzɔ kplii o. |
|
| 11 |
|
| Ame vɔ̃ɖi ƒe xɔ agbã; ke nuteƒewɔla ƒe agbadɔ akeke ta. |
|
| 12 |
|
| Mɔ aɖe li si dzéna mɔ dzɔdzɔe na ame; ke eƒe seƒee nye ku. |
|
| 13 |
|
| Ne wole nu kom hã, nuxaxa nɔa dzime; dzidzɔ wua enu kple veve. |
|
| 14 |
|
| Tosẽla xɔa eƒe nuwɔnafetu, eye nuteƒewɔla hã xɔa etɔ. |
|
| 15 |
|
| Bometsila xɔa nya sia nya dzi sena, ke aɖaŋudzela léa ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu. |
|
| 16 |
|
| Nunyala ɖoa ŋu ɖo, eye wòƒoa asa na vɔ̃; ke bometsila doa adã, eye meléa fɔ ɖe naneke ŋu o. |
|
| 17 |
|
| Ame si doa dɔmedzoe kabakaba la, ɖe wòwɔa lãnu; ke ame si wɔa nu nunyatɔe la, gbɔa dzi ɖi. |
|
| 18 |
|
| Lãtɔ ƒe domenyinue nye bometsitsi; ke nunyala ƒe fiakukue nye sidzedze. |
|
| 19 |
|
| Ame vlowo dea ta agu na ame nyuiwo, eye ŋutasẽlawo dea ta agu le ame dzɔdzɔewo ƒe agbo nu. |
|
| 20 |
|
| Ame dahe ƒe aƒelika gɔ̃ hã léa fui; ke xɔlɔ̃ le kesinɔtɔ si fũu. |
|
| 21 |
|
| Ame si doa vlo ehavi la, nye nuvɔ̃wɔla; ke ame si nyoa dɔme na hiãtɔwo la, kpɔa dzidzɔ. |
|
| 22 |
|
| Ɖe vɔ̃ɖolawo metra oa? Gake nyuiɖolawo la, nublanuikpɔkpɔ kple nuteƒewɔwɔ nye wo tɔ. |
|
| 23 |
|
| Kutrikuku ɖe sia ɖe ɖea vi; ke nu kpoloe ƒoƒo hea hiã ko vanɛ. |
|
| 24 |
|
| Nunyalawo ƒe fiakuku nye woƒe nunya; ke movitɔwo ƒe tablanu nye woƒe bometsitsi. |
|
| 25 |
|
| Nyateƒeɖasefo xɔa ame ɖe agbe; ke aʋatsoɖasefo blea ame. |
|
| 26 |
|
| Aƒetɔ -vɔvɔ̃ mee ame kpɔa dzideƒo blibo le, eye viawo akpɔ sitsoƒe. |
|
| 27 |
|
| Aƒetɔ -vɔvɔ̃ nye agbevudo, eɖea ame tso ku ƒe mɔ̀ me. |
|
| 28 |
|
| Fia ƒe atsyɔ̃ le dukɔ ƒe agbɔsɔsɔ me; ke ne ame meli o la, ekema amegãɖuɖu yia to. |
|
| 29 |
|
| Ame si medoa dziku kabakaba o la, nugɔmesese bɔ ɖe esi; ame si doa adã kabakaba la, ɖea gbeƒã eƒe bometsitsi. |
|
| 30 |
|
| Dzidzeme naa agbe ame, ke ŋuʋaʋã nana be ƒuto me vóna. |
|
| 31 |
|
| Ame si te ame dahe ɖe anyi la, dzu eƒe Wɔla; ke ame si nyo dɔme na hiãtɔ la, de bubu eŋu. |
|
| 32 |
|
| Ame vɔ̃ɖi ƒe vɔ̃wɔwɔ ƒunɛ anyi, ke ame dzɔdzɔe kpɔa sitsoƒe le eƒe nuteƒewɔwɔ me. |
|
| 33 |
|
| Nunya xɔ aƒe ɖe nugɔmesela ƒe susu me; ke mele bometsila ya tɔ me o. |
|
| 34 |
|
| Nu dzɔdzɔe wɔwɔ doa dukɔ ɖe dzi; ke nuvɔ̃ nye ŋukpe na dukɔ ɖe sia ɖe. |
|
| 35 |
|
| Fia kpɔa ŋudzedze le subɔla si wɔa nu nunyatɔe la ŋu; ke edoa dziku ɖe ŋukpenanuwɔla ŋu. |
|
|
|
|