×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Salomo ƒe Lododowo 15

1
Nyaŋuɖoɖo kple gbe bɔbɔe tsia dziku nu; ke gbedada ame nana be dɔmedzoe flana.
2
Nunyala ƒe aɖe ɖea sidzedze fiana; ke lãnya dona le bometsila nu ko gboya.
3
Aƒetɔ ƒe ŋku le afi sia afi; ele vɔ̃wɔla kple nyuiwɔla siaa kpɔm.
4
Gbe blewuu nye ati si naa agbe, ke alakpaɖe dea abi ame ƒe gbɔgbɔ ŋu.
5
Bometsila doa vlo tɔ́a ƒe nufiame, ke ame si sea nuxɔxlɔ̃ la, nunyalae.
6
Kesinɔnu geɖe le ame dzɔdzɔe ƒeme; ke fukpekpe dona tso ame vlo ƒe nukpɔkpɔ me.
7
Nunyalawo ƒe nu kakaa sidzedze; ke bometsilawo ƒe susu mewɔa esia o.
8
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ, ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.
9
Ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔna nye ŋunyɔ na Aƒetɔ; ke elɔ̃a ame si dia nu dzɔdzɔe wɔwɔ yome.
10
Tohehe sesẽtɔ li na ame si gblẽ mɔ la ɖi; ke ame si lé fu mokaname la, aku.
11
Ne tsiẽƒe kple aʋlime le ʋuʋu ɖi le Aƒetɔ ŋkume ɖe, ɖe amegbetɔ ƒe dzi manɔ ʋuʋu ɖi wu oa?
12
Fewuɖula melɔ̃na be woagbe nya na ye o; mayi nunyala gbɔ o.
13
Dzi si kpɔa dzidzɔ nana be mo klẽna; ke ne dzi le nu xam la, wɔna vɔna le gbɔgbɔ ŋu.
14
Nugɔmesela ƒe susu dia sidzedze; ke bometsilawo ƒe nu gblɔa bometsinya.
15
Hiãtɔwo ƒe ŋkekewo sesẽ; ke dzidzɔkpɔlae ɖoa kplɔ̃ edziedzi.
16
Nu vi nɔamesi si ŋu Aƒetɔ -vɔvɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu kesinɔnu geɖe si ŋu dzimaɖeɖi kpe ɖo la.
17
Amanuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la, nyo wu nyitsu dami lãɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo la.
18
Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ; ke tufala tsia dzre nu.
19
Ŋuwo xɔa kuviatɔ ƒe mɔ dzi; ke nuteƒewɔlawo ƒe toƒe nye mɔ tata sɔsɔe.
20
Vi nyanu doa dzidzɔ na tɔ́a; ke vi tsibome doa vlo nɔa.
21
Susumanɔsitɔ kpɔa dzidzɔ le bometsitsi ŋu; ke nugɔmesela zɔna nyuie.
22
Ne adaŋudede meli o la, ɖoɖowo medzea dzi o; ke ne adaŋudela geɖewo li la, ɖoɖowo tsɔa afɔ nyuie.
23
Nyaŋuɖoɖo nyuie doa dzidzɔ na ame sia ame, eye nya si wogblɔ le egblɔɣi la nyasena ŋutɔ.
24
Le nunyalawo gbɔ la, agbemɔ ɖo ta dzi bene woaƒo asa na tsiẽƒe le anyigba tume.
25
Aƒetɔ gbãa dàdalawo ƒe aƒe; ke edoa liƒo na ahosiwo.
26
Ame vɔ̃ɖi ƒe tameɖoɖo nye ŋunyɔnu na Aƒetɔ; ke nya dzeto dza le eŋkume.
27
Ŋuklẽla si kpɔa viɖe madzemadze la dea eƒe aƒemetɔwo xaxa me; ke ame si tsri zãnuxɔxɔ la, anɔ agbe.
28
Ame dzɔdzɔe bua nya ŋu nyuie hafi ɖoa eŋu; ke ame vɔ̃ɖi kea nu gblɔa nya vɔ̃ɖi faa.
29
Aƒetɔ le adzɔge tso ame vɔ̃ɖi gbɔ; ke esea ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa.
30
Mokɔkɔ doa dzidzɔ na ame; nya nyui dea ami ƒuto me.
31
Ame si lɔ̃na woxlɔ̃a nui la, anɔ nunyalawo dome.
32
Ame si melɔ̃a nufiame o la, doa vlo eɖokui; ke ame si lɔ̃na wokaa mo nɛ la, zua nugɔmesela.
33
Aƒetɔ -vɔvɔ̃ nye nufiame si kplɔa ame dea nunya me; ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes