|
| 1 |
|
| Amegbetɔ tɔe nye dzi ƒe nuɖoɖowo, ke nyaŋuɖoɖo na aɖe tsoa Yehowa gbɔ. |
|
| 2 |
|
| Fɔɖiɖi menɔa ame ŋutɔ ƒe mɔwo ŋu le eya ŋutɔ ƒe ŋkume o, ke Yehowa daa susuwo kpɔ. |
|
| 3 |
|
| Tsɔ nu sia nu si nèwɔna la de Yehowa ƒe asi me, ekema wò ɖoɖowo adze edzi na wò. |
|
| 4 |
|
| Yehowa wɔ nu sia nu le eƒe ŋudɔwɔnu ta, eɖo ame vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã ɖi hena dzɔgbevɔ̃eŋkeke la. |
|
| 5 |
|
| Dadalawo katã nye ŋunyɔnu na Yehowa. Maka ɖe edzi na wò be, womagbe tohehe na wo o. |
|
| 6 |
|
| Woɖea nu vɔ̃ ɖa to lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me eye ame ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi to Yehowavɔvɔ̃ me. |
|
| 7 |
|
| Ne ame aɖe ƒe mɔwo nyo Yehowa ŋu la, enana eƒe futɔwo gɔ̃ hã nɔa anyi kplii le ŋutifafa me. |
|
| 8 |
|
| Nu sue si ŋu dzɔdzɔenyenye kpe ɖo la nyo wu nu geɖe si ŋu madzɔmadzɔ kpe ɖo. |
|
| 9 |
|
| Ame wɔa ɖoɖo ɖe ale si wòazɔe ŋu le eƒe dzi me, gake Yehowae fiaa ale si wòaɖe afɔe. |
|
| 10 |
|
| Fia ƒe nuyiwo ƒoa nu abe nya gblɔm wòle ɖi ene eya ta eƒe nu megatso afia gbegblẽ o. |
|
| 11 |
|
| Nudakpe kple nudanu vavãwo tso Yehowa gbɔ eye nenema ke nudakpe siwo katã le akplo me hã nye eƒe nuwɔwɔ. |
|
| 12 |
|
| Nu tovo wɔwɔ nye ŋunyɔnu na fiawo elabena woɖoa fiazikpui anyi ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. |
|
| 13 |
|
| Nuyi siwo dzi alakpa mele o la, doa dzidzɔ na fiawo, wodea asixɔxɔ ame si toa nyateƒe la ŋu. |
|
| 14 |
|
| Fia ƒe dziku nye ku ƒe dɔla, ke nunyala alé avui. |
|
| 15 |
|
| Ne fia ɖo mo kɔkɔe la, egɔmee nye agbe eye eƒe amenuveve le abe tsiɖoɖo le adame ene. |
|
| 16 |
|
| Aleke nunyaxɔxɔ mehenyo wu sikae o, eye gɔmesesetiatia mehenyo wu klosaloe o! |
|
| 17 |
|
| Ame dzɔdzɔewo ƒe mɔtata ƒoa asa na nu vɔ̃ɖi eye ame si dzɔa eƒe mɔ ŋu la dzɔa eƒe agbe ŋuti. |
|
| 18 |
|
| Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze. |
|
| 19 |
|
| Enyo be woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le hiãtɔwo dome wu be woama afunyinuwo kple dadalawo. |
|
| 20 |
|
| Nu dzea edzi na ame si ɖoa to nufiame eye woayra ame si tsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe Yehowa dzi. |
|
| 21 |
|
| Woyɔa ame siwo nunya le woƒe dzi me la be sidzelawo, eye nya vivi doa nufiame ɖe ŋgɔ. |
|
| 22 |
|
| Gɔmesese nye agbetsidzidzi na ame siwo ke ɖe eŋuti, ke bometsitsi hea tohehe vɛ na bometsilawo. |
|
| 23 |
|
| Nunyala ƒe dzi dzɔa eƒe nu ŋuti eye eƒe nuyiwo doa nufiame ɖe ŋgɔ. |
|
| 24 |
|
| Nya nyuiwo nye anyitsito, enana luʋɔ sea vivi, eye wòhea dɔyɔyɔ vɛ na ƒuwo. |
|
| 25 |
|
| Mɔ aɖe li si le dzɔdzɔe le ame ƒe ŋkume, ke le nuwuwua la, ekplɔa ame yia ku mee. |
|
| 26 |
|
| Agbatedɔwɔla ƒe nudzodzro wɔa dɔ nɛ, dɔwuame doa ŋusẽe be wòayi edzi. |
|
| 27 |
|
| Yakame le nu vɔ̃ɖi ɖom eye eƒe nuƒoƒo le abe dzo si le bibim sesĩe la ene. |
|
| 28 |
|
| Ame vɔ̃ɖi dea dzre aƒe eye amenyagblɔla maa xɔlɔ̃ veviwo dome. |
|
| 29 |
|
| Ame dzeaglã blea eƒe aƒelika nu, eye wòkplɔnɛ toa mɔ gɔglɔ̃ dzi. |
|
| 30 |
|
| Ame si le ŋku trom la le nu vɔ̃ɖi aɖe ɖom, eye ame si mia eƒe nu ɖe nu dzi la awɔ vɔ̃ godoo. |
|
| 31 |
|
| Ta si ƒo wɔ la nye atsyɔ̃fiakuku, agbe dzɔdzɔe nɔnɔe henɛ vɛ. |
|
| 32 |
|
| Enyo be nànye ŋutsu dzigbɔɖitɔ wu kalẽtɔ, ame si ɖu eƒe dziku dzi la nyo wu ame si xɔ du. |
|
| 33 |
|
| Wolɔa hotsui ɖe akɔ hetsɔna kaa nui, ke nyametsotso ɖe sia ɖe tso Yehowa gbɔ. |
|
|
|
|