|
| 1 |
|
| Ame si ɖe eɖokui ɖe aga la, nu si dzroa eya ŋutɔ ko yome wòtina, eye wòtsia tre ɖe nuxɔxlɔ̃ nyui ɖe sia ɖe ŋu. |
|
| 2 |
|
| Nugɔmesese medzɔa dzi na lãtɔ o, etɔ gbɔgblɔ koe doa dzidzɔ nɛ. |
|
| 3 |
|
| Ne nuvɔ̃ɖi wɔwɔ va la, vlododo hã kplɔnɛ ɖo, eye alɔmeɖeɖe kple ŋukpe kpena ɖe wo ŋu. |
|
| 4 |
|
| Amegbetɔ ƒe numenya la, tɔ goglo wònye; nunya ƒe vudo si le dzidzim bababa la hã wònye. |
|
| 5 |
|
| Menyo be woade ame vɔ̃ɖi dzi alo ate ame dzɔdzɔe ɖe anyi le ʋɔnu o. |
|
| 6 |
|
| Bometsila ƒe numenya dea dzre aƒe, eye eƒe nuƒo hea ameƒoƒo vɛ. |
|
| 7 |
|
| Bometsila ƒe nue henɛ dea gbegblẽ me, eye eƒe nu kee nye mɔ̀ si ɖenɛ. |
|
| 8 |
|
| Sakplitɔ ƒe nyawo le abe nuɖuɖu vivi ene; ɖe wodea lã me ke na ame. |
|
| 9 |
|
| Alɔ gblɔdɔ wɔla la, dɔgblẽla nɔvi wònye. |
|
| 10 |
|
| Aƒetɔ ŋkɔ la, xɔ tsrala sesẽ wònye; ame dzɔdzɔe sína yia eme, eye wònɔna dedie. |
|
| 11 |
|
| Kesinɔtɔ ƒe nunɔamesie nye eƒe du sesẽ; ele abe glikpɔ kɔkɔ si le eŋu dzɔm la ene. |
|
| 12 |
|
| Hafi ame nadze anyi la, dàdae yɔa eme gbã; ke ɖokuibɔbɔ doa ŋgɔ na bubu. |
|
| 13 |
|
| Ne ame mekpɔ se nya vɔ, hafi ɖo eŋu o la, ezua bometsitsi kple ŋukpe nɛ. |
|
| 14 |
|
| Dzidodoe nana be ame nɔa te ɖe dɔléle nu; ke ne dzi ɖe le ame ƒo la, ame kae ate ŋu atsɔe? |
|
| 15 |
|
| Nunya sua ame senugɔme si, eye ame nyanu dia sidzedze. |
|
| 16 |
|
| Ame ƒe nunanae taa mɔ nɛ, eye wòkplɔnɛ yia ame ŋkutawo gbɔ. |
|
| 17 |
|
| Nuƒola gbãtɔ dzena ame dzɔdzɔe le ʋɔnu; va se ɖe esime nuƒola evelia va ɖea ké le egɔme. |
|
| 18 |
|
| Nudzidze nana be dzre kena, eye wòléa avu le hoʋlila sesẽwo dome. |
|
| 19 |
|
| Nɔvi si ŋu woda vo ɖo la tri akɔ wu du sesẽ, eye dzre sia wɔwɔ sesẽ abe fiasã ƒe gameti ene. |
|
| 20 |
|
| Ame sia ame kpɔa eƒe nuɖuɖu, eye eƒe nuƒometsonue ɖia ƒo nɛ. |
|
| 21 |
|
| Ku kple agbe le aɖe si me; ame si nya nuƒoƒo la aɖu emetsonu. |
|
| 22 |
|
| Ame si kpɔ nyɔnu ɖe la, kpɔ nu nyui; enye amenuveve tso Aƒetɔ gbɔ nɛ. |
|
| 23 |
|
| Ame dahe ɖea kuku; ke kesinɔtɔ ya ɖoa nya ŋu kple adã. |
|
| 24 |
|
| Xɔlɔ̃ geɖe dzedze la, ku le eme; ke xɔlɔ̃ aɖewo ya wɔa nuteƒe wu nɔvi gɔ̃ hã. |
|
|
|
|