|
| 1 |
|
| Ŋkɔ nyui didi nyo wu kesinɔnuwo eye ŋudzedzekpɔkpɔ nyo wu klosalo kple sika. |
|
| 2 |
|
| Nu ɖeka siae nàkpɔ le kesinɔtɔ kple ame dahe ŋu: Yehowae nye wo katã Wɔla. |
|
| 3 |
|
| Nunyala kpɔ dzɔgbevɔ̃e gbɔna eye wòɣla eɖokui gake bometsila ya yiyim ko wòle eye wòkpea fu ɖe enu. |
|
| 4 |
|
| Ɖokuibɔbɔ kple Yehowavɔvɔ̃ hea kesinɔnu, bubu kple agbe vɛ. |
|
| 5 |
|
| Ŋu kple mɔkawo le ame vɔ̃ɖi la ƒe mɔ dzi, ke ame si dzɔ eƒe luʋɔ ŋuti la, ate ɖa xaa tso wo gbɔ. |
|
| 6 |
|
| He ɖevi ɖe mɔ si wòato la dzi eye ne etsi la, mate ɖa le edzi o. |
|
| 7 |
|
| Kesinɔtɔwo ɖua gã ɖe ame dahewo dzi eye nugbanadola zua dɔla na ame si do nugbana la nɛ. |
|
| 8 |
|
| Ame si ƒã vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la axa dzɔgbevɔ̃e, eye woatsrɔ eƒe dɔmedzoe ƒe ameƒoti. |
|
| 9 |
|
| Woayra ame si nyoa dɔ me na amewo elabena emaa eƒe nuɖuɖu kple ame dahewo. |
|
| 10 |
|
| Nya fewuɖula la do goe eye dzre hã ado go, nenema ke nyahehe kple dzudzu hã awu nu. |
|
| 11 |
|
| Ame si lɔ̃ dzi dzadzɛ kple nuƒoƒo si me nya dzetowo le la, eyae fia la adze xɔ̃e. |
|
| 12 |
|
| Yehowa ƒe ŋkuwo le nugɔmesese ŋu, ke etrɔa gbo nuteƒemawɔlawo ƒe nyawo. |
|
| 13 |
|
| Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le gota!” alo “Woava wum le ablɔ dzi!” |
|
| 14 |
|
| Nyɔnu ahasitɔ ƒe nu la, ʋe globo wònye eye ame si dzi Yehowa ƒe dziku le la eyae age adze eme. |
|
| 15 |
|
| Wobla bometsitsi ɖe ɖevi ƒe dzi ŋu, ke ɖɔɖɔɖo ƒe ameƒoti ana wòate ɖa xaa tso egbɔ. |
|
| 16 |
|
| Ame si tea ame dahewo ɖe anyi be yeadzi yeƒe kesinɔnuwo ɖe edzi kple ame si naa nu kesinɔtɔ la siaa age ɖe hiã me. |
|
| 17 |
|
| Ƒu to anyi eye nàse nunyalawo ƒe nyawo, na wò dzi naku ɖe nu si fiam mele ŋuti, |
|
| 18 |
|
| elabena edoa dzidzɔ na ame ne èɣla wo ɖe wò dzi me, eye wo katã nanɔ klalo le wò nuyiwo dzi. |
|
| 19 |
|
| Ale be nàɖo dzi ɖe Yehowa ŋu, esia ta mele nu fiam wò ɖo egbea, ɛ̃, wòe mele nu fiam. |
|
| 20 |
|
| Ɖe nyemeŋlɔ nufiamenya blaetɔ̃ na wò, aɖaŋuɖonyawo kple nugɔmesenyawo |
|
| 21 |
|
| be woafia nyateƒe kple kakaɖedzinyawo wò be nàtsɔ nunyanyawo aɖo nya ŋu na ame si dɔ wò la oa? |
|
| 22 |
|
| Mègaba ame dahewo le esi woda ahe ta o eye mègate hiãtɔ ɖe to le ʋɔnu o, |
|
| 23 |
|
| elabena Yehowa axɔ nya ɖe wo nu eye wòaha ame si ha wo. |
|
| 24 |
|
| Mègadze xɔ̃ ŋutsu dɔmedzoetɔ o eye mègade ha kple ame si doa dziku kabakaba o, |
|
| 25 |
|
| ne menye nenema o la, àva srɔ̃ eƒe mɔwo eye nàtsɔ ɖokuiwò ade mɔ me. |
|
| 26 |
|
| Mèganye ame si ƒua asi akɔ ɖe fenyila nu alo dea megbe na ame si do nugbana la o; |
|
| 27 |
|
| eye ne mèkpɔ ga axe fea o la, woaɖe aba si dzi nèmlɔna la gɔ̃ hã le tewò. |
|
| 28 |
|
| Mègaɖe blemaliƒokpe si fofowòwo ɖi la ɖa o. |
|
| 29 |
|
| Èkpɔ ame si bi ɖe eƒe dɔ me la le dɔ wɔma? Asubɔ le fiawo ŋgɔ eye menye le ame tsɛwo ŋgɔ o. |
|
|
|
|