|
| 1 |
|
| Abe ale si sno dzanae le dzomeŋɔli alo tsi dzanae le nuŋeɣi ene la, nenemae bubu medze bometsila o. |
|
| 2 |
|
| Abe ale si atsutsrɔe dzonae alo sagbadrɛ saa agbae ene la, nenemae ɖiŋu si wodo na ame ɖe madzɔmadzɔ dzi la tsia yamee. |
|
| 3 |
|
| Sɔƒoka li na sɔ, numega li na tedzi nenemae ameƒoti li na bometsila ƒe dzimegbe! |
|
| 4 |
|
| Mègaɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu o, ne menye nenema o la, wò ŋutɔ hã ànɔ abe eya amea ene. |
|
| 5 |
|
| Ɖo nya ŋu na bometsila le eƒe bometsitsi nu, ne menye nenema o la ava bu eɖokui nunyalae le eɖokui gbɔ. |
|
| 6 |
|
| Dudede asi na bometsila le abe ame ŋutɔ ƒe afɔ lalã alo dzɔgbevɔ̃e nono ene. |
|
| 7 |
|
| Abe ale si atatututɔ ƒe afɔ nɔa yamee ene la, nenemae lododo le le bometsila ƒe nu mee. |
|
| 8 |
|
| Abe ale si wotsɔa kpe dea akafomee ene la, nenemae bubudede bometsila ŋu le. |
|
| 9 |
|
| Abe ale si ŋuti nɔna le ahamula ƒe asimee ene la, nenemae lododo nɔna le bometsila ƒe nu mee. |
|
| 10 |
|
| Ame si daa aŋutrɔ bometsila dzodzro la le abe ame si dɔa dɔ ame si le eme tsom la ene. |
|
| 11 |
|
| Abe ale si avu trɔna gayia nu si wòdzɔ gbɔe ene la, nenemae bometsila gawɔa bometsinu si wòwɔ va yi. |
|
| 12 |
|
| Èkpɔ ame aɖe si nye nunyala le eya ŋutɔ ŋkume kpɔa? Mɔkpɔkpɔ geɖe li na bometsila wu eya amea. |
|
| 13 |
|
| Kuviatɔ gblɔna be, “Dzata le mɔa dzi, dzata si le gbe tem ŋɔdzitɔe la le tsatsam le ablɔwo me!” |
|
| 14 |
|
| Abe ale si ʋɔtru trona le eƒe megbega mee ene la, nenemae kuviatɔ nɔa tɔtrɔm le eƒe aba dzii. |
|
| 15 |
|
| Kuviatɔ tsɔ eƒe asi de nuɖugba me gake kuvia ɖoe ale gbegbe be, edede nu me zu dɔ nɛ. |
|
| 16 |
|
| Kuviatɔ nye nunyala le eya ŋutɔ ƒe ŋkume, wu ame adre siwo ɖoa nya ŋu nunyatɔe. |
|
| 17 |
|
| Ame si le eme tsom gake de nu dzrenya si metsɔ egbɔ o me la le abe ame si lé towo kple eve na avu ene. |
|
| 18 |
|
| Abe ale si aɖaʋatɔ daa akakati bibi alo aŋutrɔ si ŋu aɖi le la ene la, |
|
| 19 |
|
| nenemae nye ame si ble ehavi eye emegbe wògblɔ nɛ be, “Fefem ko mele!” |
|
| 20 |
|
| Ne nake meli o la, dzo tsina; ne sakplitɔ meli o la, dzre kena. |
|
| 21 |
|
| Abe ale si aka léa dzo eye nake doa dzo ene la, nenema ŋutsu dzretɔ ƒlɔa dzre ɖoe. |
|
| 22 |
|
| Amenyagblɔla ƒe nyawo vivina abe nuɖuɖu vivi si woka de nu me la ene; eyina ɖe ame ƒe dɔgbowo me ke. |
|
| 23 |
|
| Abe ale si wofaa sikatsi ɖe anyikplu ŋu ene la, nenema nuyi xɔdzo si ŋu dzi vɔ̃ɖi kpe ɖo la le. |
|
| 24 |
|
| Ame baɖa tsɔa eƒe nuyi trɔa eɖokui bubue, gake eɣlaa beble ɖe eƒe dzi me. |
|
| 25 |
|
| Togbɔ be eƒe nyawo nya le sesem hã la, mègaxɔ edzi se o elabena ŋunyɔnu adre le eƒe dzi me. |
|
| 26 |
|
| Eƒe susu baɖa aɣla ɖe beble megbe, gake woaʋu go eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi le amehawo dome. |
|
| 27 |
|
| Ne ame aɖe ɖe ʋe la, eya ŋutɔ age adze eme eye ame si amli kpe la, kpe si wòmli la age adze eya ŋutɔ dzi. |
|
| 28 |
|
| Alakpaɖe léa fu ame siwo ŋuti wòle abi demii, eye nu si blea ame la hea gbegblẽ vɛ. |
|
|
|
|