|
| 1 |
|
| Ame si wokaa mo na enuenu gake metsɔa ɖeke le eme o la, edome agblẽ keŋkeŋ zi ɖeka, eye womate ŋu ada gbe le eŋu o. |
|
| 2 |
|
| Ne ame dzɔdzɔewo le dzi ɖum la, dukɔa tsoa aseye; ke ne ame vɔ̃ɖi ɖu dzi la, dukɔa ɖea hũ. |
|
| 3 |
|
| Vi si lɔ̃ nunya la, doa dzidzɔ na tɔ́a; ke esi dea ha kple gbolowo la, gblẽa eƒe kesinɔnuwo dome. |
|
| 4 |
|
| Nu dzɔdzɔe wɔwɔ fia tsɔna lia ke dukɔ; ke fia si xɔa nunana vivivo la, gbãnɛ. |
|
| 5 |
|
| Ame si vivia nu me na ehavi la, ɖoa ɖɔ na ehavi ƒe afɔ. |
|
| 6 |
|
| Woléa nuvɔ̃ɖi wɔla le eƒe dzidada me; ke nu dzɔdzɔe wɔla adzi ha atso aseye. |
|
| 7 |
|
| Ame dzɔdzɔe nyaa nu si nye ame dahewo tɔ gome; ke ame vɔ̃ɖi mesea sidzedze sia gɔme o. |
|
| 8 |
|
| Fewuɖulawo tɔa dzo du; ke nunyalawo tsia dɔmedzoe nu. |
|
| 9 |
|
| Ne nya ɖo nunyala kple bometsila dome la, bometsila la ɖeko wòdoa dɔmedzoe, nɔa nu kom, eye mezia ɖoɖoe o. |
|
| 10 |
|
| Hlɔ̃dolawo léa fu ame maɖifɔ, ke nu dzɔdzɔe wɔlawo kpɔa eƒe agbe ta. |
|
| 11 |
|
| Bometsila ɖea eƒe dɔmedzoe fiana ale si wòate ŋui; ke nunyala ya léa eɖokui. |
|
| 12 |
|
| Ne dziɖula le to ɖom alakpanyawo la, eƒe amegãwo katã ava zu ame vɔ̃ɖiwo. |
|
| 13 |
|
| Ame dahe kple ameteɖeanyila siaa wosɔ; Aƒetɔ ye na ŋku wo ame evea be woakpɔ nui. |
|
| 14 |
|
| Fia si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe na ame dahewo la ƒe fiazikpui ali ke tegbee. |
|
| 15 |
|
| Ameƒoti kple mokaname fiaa nunya, ke vi tsiyame nye ŋukpe na nɔa. |
|
| 16 |
|
| Ne ame vɔ̃ɖiwo le dzi ɖum la, sedzidada dzina ɖe edzi; ke ame dzɔdzɔewo anye woƒe anyidzeƒekpɔlawo. |
|
| 17 |
|
| He viwò ekema ana gbɔdzɔe wò, eye wòado dzidzɔ na wò. |
|
| 18 |
|
| Ne Mawu ƒe gbeƒãɖeɖe mele dukɔ aɖe me o la, dukɔa trana; ke woyra ame si léa sea me ɖe asi. |
|
| 19 |
|
| Wometsɔa nya ko hea kluvi o, elabe ne ese eme gɔ̃ hã la, mele edzi wɔ ge o. |
|
| 20 |
|
| Èle ame si tsi dzi le nuƒoƒo me la kpɔma? Mɔkpɔkpɔ le bometsila si wu eyama. |
|
| 21 |
|
| Kluvi si wowɔ vi na tso ɖevime ke la, ava zu domenyila emegbe. |
|
| 22 |
|
| Dɔmedzoetɔ hea dzre vɛ, eye dzikutɔ daa vo geɖe. |
|
| 23 |
|
| Ɖokuidodoɖedzi bɔbɔa ame ɖe anyi; ke ɖokuibɔbɔ dea bubu ame ŋu. |
|
| 24 |
|
| Ame si dea ha kple fiafitɔ la, lé fu eya ŋutɔ ƒe agbe; ase fiƒode gake magblɔ nya aɖeke o. |
|
| 25 |
|
| Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̀ wònye ɖea ame; ke ame si ɖoa dzi ɖe Aƒetɔ ŋu la, anɔ dedie. |
|
| 26 |
|
| Ame geɖewo wɔa ameŋkumenu be yewoadze ame si le dzi ɖum la ŋu; ke Aƒetɔ ye tsoa afia na ame. |
|
| 27 |
|
| Nu madzɔmadzɔ wɔla nye ŋunyɔnu na ame dzɔdzɔewo, ke ame si ƒe zɔzɔme dzɔ la nye ŋunyɔnu na ame vɔ̃ɖi. |
|
|
|
|