|
| 1 |
|
| Vinye, ne ède megbe na wò aƒelika, eye nèsi akpe tsɔ do ŋugbee na ame tutɔ, |
|
| 2 |
|
| ne ŋugbe si nèdo zu mɔ me nèɖo eye wò numenyawo bla wò la, |
|
| 3 |
|
| ekema vinye, wɔ esia ne nàtsɔ aɖe ɖokuiwòe, esi nège ɖe hawòvi ƒe asi me ta. Yi nàbɔbɔ ɖokuiwò, ɖe kuku na hawòvi la amenubletɔe! |
|
| 4 |
|
| Wò ŋkuwo megadɔ alɔ̃ o eye wò aɖaba megadɔ akɔlɔ̃e o. |
|
| 5 |
|
| Ɖe ɖokuiwò le eƒe asi me abe ale si sãde sina le adela ƒe asi me ene alo abe ale si xevi dona le xevimɔtrela ƒe kamɔ mee ene. |
|
| 6 |
|
| Wò, kuviatɔ, yi anyidi gbɔ; kpɔ eƒe mɔwo ɖa, eye nàdze nunya! |
|
| 7 |
|
| Gbeɖela loo dzikpɔla alo dziɖula aɖeke mele esi o, |
|
| 8 |
|
| gake le dzomeŋɔli la eƒoa eƒe nuhiahiãwo nu ƒu eye wòƒoa eƒe nuɖuɖu nu ƒu le nuŋeɣi. |
|
| 9 |
|
| Wò, kuviatɔ va se ɖe ɣe ka ɣi nàmlɔ afi ma? Ɣe ka ɣi nànyɔ tso alɔ̃ me? |
|
| 10 |
|
| Dɔ alɔ̃ vie, dɔ akɔlɔ̃e sẽe, ŋlɔ wò abɔwo nàdzudzɔ vie, |
|
| 11 |
|
| tete ahedada aƒo ɖe dziwò abe adzodala ene eye hiã abe aʋakalẽtɔ si bla akpa ene. |
|
| 12 |
|
| Yakame kple ame baɖa si le yiyim kple alakpadada, |
|
| 13 |
|
| le ŋku tem, tsɔ afɔ le dzesi fiam eye wòtsɔ eƒe asi le nya gblɔmii, |
|
| 14 |
|
| ame si ɖoa nu vɔ̃ɖi, beble le eƒe dzi me, eye ɣe sia ɣi wòdea dzre aƒe la |
|
| 15 |
|
| eya ta gbegblẽ aƒo ɖe edzi kpoyi eye woatsrɔ̃ eya amea zi ɖeka, naneke maɖee le eme o. |
|
| 16 |
|
| Nu adree Yehowa tsri, eye nu adree nye nu siwo wònyɔa ŋui: |
|
| 17 |
|
| dadaŋkuwo, alakpaɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, |
|
| 18 |
|
| dzi si ɖoa nu vɔ̃ɖiwo, afɔ siwo ɖea abla ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋuti |
|
| 19 |
|
| aʋatsoɖaseɖila si kɔa alakpa ɖi, kple ŋutsu si dea dzre nɔviwo dome. |
|
| 20 |
|
| Vinye, lé fofowò ƒe sededewo me ɖe asi eye mègagblẽ dawò ƒe nufiame ɖi o. |
|
| 21 |
|
| Bla wo ɖe wò dzi ŋuti tegbee eye nàsae ɖe wò kɔ ŋuti. |
|
| 22 |
|
| Ne èle zɔzɔm la, woafia mɔ wò, ne èle alɔ̃ dɔm la, woadzɔ ŋuwò eye ne ènyɔ la, woaƒo nu na wò |
|
| 23 |
|
| elabena sedede siawo nye akaɖi, nufiafia sia nye kekeli eye ɖɔɖɔɖo si amehehe hena vɛ la nye agbe ƒe mɔ, |
|
| 24 |
|
| esi aɖe wò tso nyɔnu ahasitɔ ƒe asi me kple srɔ̃nyɔnu dzego la ƒe aɖe ŋanɛ ƒe asi me. |
|
| 25 |
|
| Eƒe tugbedzedze megana eƒe nu nadzro wò le wò dzi me alo nàna eƒe ŋku mawo nalé wò o, |
|
| 26 |
|
| elabena gbolo aɖi gbɔ̃ wò, nànɔ abe abolo ko ene eye nyɔnu ahasitɔ aɖe agbe le mewò. |
|
| 27 |
|
| Ɖe ŋutsu aɖe aɖe dzo ɖe atata eye eƒe awuwo nagbe fiafia? |
|
| 28 |
|
| Ɖe ŋutsu aɖe azɔ le dzoka xɔxɔ dzi eye eƒe afɔwo nagbe fiafia? |
|
| 29 |
|
| Nenemae wòanɔ na ŋutsu si dɔna kple ŋutsu bubu srɔ̃, womagbe tohehe na ame si ka asi eŋuti o. |
|
| 30 |
|
| Womedoa vlo fiafitɔ ne efi fi be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, ne dɔ la ewum o |
|
| 31 |
|
| gake ne wolée la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe zi adre, esia ana eƒe kesinɔnu siwo katã le esi le eƒe aƒe me la navɔ le esi. |
|
| 32 |
|
| Ke ame si wɔ ahasi kple srɔ̃tɔ la mebua ta me o eye ame si wɔnɛ la gblẽa eɖokui dome. |
|
| 33 |
|
| Ƒoƒo kple kɔ kple vlododo nye etɔ gome eye womaɖe eƒe ŋukpe ɖa akpɔ gbeɖe o |
|
| 34 |
|
| elabena ŋuʋaʋã ana srɔ̃ŋutsu ƒe dɔmedzoe nafla eye ne ele hlɔ̃ biam la, makpɔ nublanui o. |
|
| 35 |
|
| Maxɔ avulénu aɖeke o, eye maxɔ zãnu aɖeke hã o, aleke gbegbee wòloloe hã. |
|
|
|
|