×

EƲEGBE BIBLIA 2014

EKLESIASTIKO 11

1
Da wò nuɖuɖu ɖo ɖe tɔwo dzi faa, elabe ava kpɔe emegbe godoo.
2
Ma nuwo ɖe akpa adrẽ alo enyi gɔ̃ hã, elabe mènya dzɔgbevɔ̃e si gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba dzi o.
3
Ne tsi ɖo ko la, edzana ɖe anyigba dzi. Ne ati mu dze anyigbeme alo dzigbeme la, afi si wòdze la, afi ma ko wòtsina.
4
Ame si le ŋku lém ɖe yaƒoƒo ŋu la, maƒã nu o, ame si le ŋku ɖem ɖe alilikpowo la, maŋe nu o.
5
Abe ale si mènya ale si gbɔgbɔ wɔna gena ɖe ɖevi ƒe ƒuwo me le nɔa ƒe dɔme o ene la, nenema ke mènya naneke le Mawu si wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo ŋui o.
6
Ƒã nu le ŋdi me, eye ne fiẽ ɖo hã mèganɔ anyi dɔ aɖeke mawɔe o. Elabe mènya ne ŋdi me tɔe anyo loo, fiẽ me tɔe ava nyo na wò loo, alo wo kple eve la siaa ye ava nyo o.
7
Le nyateƒe me la, kekeli me vivina, eye ɣe ƒe keklẽ dzɔa dzi na ŋku.
8
Ne ame le agbe ƒè geɖee la, nekpɔ dzidzɔ le wo katã me. Ke neɖo ŋku edzi be viviti ŋkekewo hã asɔ gbɔ. Nu siwo katã dzɔna la, nu dzodzro ko wonye.
9
Wò ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime. Na wò dzi nado dzidzɔ na wò le wò ɖekakpui ŋkekewo me. Nɔ agbe ɖe wò dzimedidi kple wò ŋkunukpɔkpɔ nu. Ke nyae be Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge wò le nu siawo katã ta.
10
Eya ta ɖe dziku ɖa le dzime, eye wò ŋutilã netsri vɔ̃. Elabe agbenɔnɔ ƒe gɔmedzedze kple ɖekakpuimenɔnɔ la, nu dzodzrowo ko wonye.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes