Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Salomo hawo ƒe ha. |
| 2 |
| Etsɔ wo nu gbugbɔ nu nam, elabena wo lɔlɔ̃ nyo wu wein. |
| 3 |
| Wò ami le ya ɖem nyuie; wo ŋkɔ le abe ami, si wowu ene, eyata ɖetugbiwo lɔ̃a wo nya ɖo. |
| 4 |
| Kplɔm yii, na míaɖe abla! Fia la kplɔm yi eƒe xɔ me. Míatso aseye, eye míakpɔ dzidzɔ, eye míakafu wò lɔlɔ̃ wu wein; amewo lɔ̃a wò ɖe eteƒe. |
| 5 |
| Yerusalem-nyɔnuviwo, menye ame yi, gake menye abe Kedar ƒe agbadɔwo kple Salomo ƒe kuntruwo ene. |
| 6 |
| Migamɔ kpɔyem be, menya alea o, elabena ɣee ɖum. Danye viŋutsuwo ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye; wotsɔm ɖo weingbledzɔlae, ke nyemedzɔ nye ŋutɔ nye weingble ŋu o. |
| 7 |
| Wò, amesi nye lunɔ lɔ̃na, gblɔe nam dzro: Afikanènyia lãwo le, eye afika wotsyɔa akɔ ɖo le ŋɖɔ me? Nukaŋuti manɔ tsa glãla tsam le hawòviwo ƒe lãhawo gbɔ? |
| 8 |
| Wò tugbedzɛ le nyɔnuwo dome, ne mènyae o la, ekema do go, eye naɖo lãhawo ƒe afɔ, eye nanyi wò gbɔ̃viwo le lãkplɔlawo ƒe agbadɔwo gbɔ! |
| 9 |
| Xɔ̃nye, èle abe nye sɔnɔ le Farao ƒe tasiaɖam ŋu ene. |
| 10 |
| Dzonu le tonu na wò nyuie, eye adzagba le kɔ na wò. |
| 11 |
| Míatu sikakɔsɔkɔsɔ kple klosalokpeviwo na wò. |
| 12 |
| Esime fia la bɔbɔ nɔ eƒe ablegɔ me la, nye gbe ʋeʋẽewo ɖe ya. |
| 13 |
| Nye lɔlɔ̃tɔ le ahe miregoe le akɔnu nam ene. |
| 14 |
| Nye lɔlɔ̃tɔ nye koferseƒoƒo nam le Engedi-weingblewo me. |
| 15 |
| Edze tugbe, xɔ̃nye, èdze tugbe loo! Wò ŋkuwo le abe ahɔne ƒe ŋkuwo ene. |
| 16 |
| Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze ɖeka, eye nènyo; mía dɔƒe ɖe ama. |
| 17 |
| Míaƒe xɔ ƒe daɖedziwo nye sedertiwo, eye míaƒe xɔmeɖoʋuƒowo nye fɔfɔlĩ. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/songofsolomon/001.mp3
8
1