Na Moab ƒe amesiwo wonyã de gbe la, nanɔ gbɔwò, eye nanye sitsoƒe na wo tso nugblẽla si me, vaseɖe esime ŋutasesẽ nu natso, tsɔtsrɔ̃ nawu enu, eye amefanyala nate ɖa le anyigba dzi!
Eye woatsɔ amenuveve ali ke fiazikpuia ɖe, eye ʋɔnudrɔ̃laa ɖe anɔ edzi le Dawid ƒe agbadɔ me ɖikaa, amesi dia nya dzɔdzɔe yome, eye wòsea dzɔdzɔenyenye me.
Eyata mala avi, abe alesi Yaezer le avi fam ɖe Sibma ƒe weinka ŋu ene, Xesbon kple Eleale, mafa nye adatsi ɖe mía dzi, le esi aʋaɣli dze miaƒe kutsetsegbeɣi kple nuŋeɣi me la ŋuti.
Dzidzɔ kple vivisese nu tso le abɔwo me, eye womegale aseye tsom le dzidzɔ kpɔm le weingblewo me o; womegafiãa wein le weinfiãnu me o, eye metsi dzidzɔɣli nu.