1
Nya si Yesaya, Amoz vi la kpɔ ku ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu la.
2
Ava eme le ŋkeke mamlɛawo me be to si nye Aƒetɔ ƒe aƒe la anye kɔkɔtɔ kekeake, eye wòakɔ wu togbɛwo katã, eye dukɔwo katã aƒo zi ɖe eŋu.
3
Ale dukɔ geɖewo ava gblɔ be: “Miva, mina míalia Aƒetɔ ƒe to la ayi Yakob ƒe Mawu la ƒeme, bene wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo.” Elabe se la atso Zion, eye Aƒetɔ ƒe nya atso Yerusalem.
4
Adrɔ̃ ʋɔnu le dukɔwo dome, eye wòatso nya me na dukɔ geɖewo. Woatsɔ woƒe yiwo atu kodzoewoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe. Dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ gbeɖe o.
5
O, Yakob ƒe ƒome, miva, mina míazɔ le Aƒetɔ ƒe kekeli la me!
6
Ègblẽ wò dukɔ, Yakob ƒe ƒome la ɖi! Elabe afakala siwo tso ɣedzeƒe la va xɔ aƒe ɖe eme, eye wosa dzo abe Filistitɔwo ene. Gawu la, wodea ha kple amedzrowo.
7
Klosalo kple sika yɔ woƒe anyigba dzi fũu, eye seƒe meli na woƒe kesinɔnuwo o. Sɔwo yɔ woƒe anyigba dzi fũu, eye woƒe tasiaɖamwo manyaxlẽ o.
8
Legbawo yɔ woƒe anyigba dzi fũu, eye wodea ta agu na woƒe asinudɔwɔwɔwo, nu siwo woawo ŋutɔ ƒe asibidɛwo wɔ la.
9
Ale wobɔbɔ amegbetɔ ɖe anyi, eye woɖiɖi amegbetɔ ɖe anyi! Mègatsɔe ke wo o.
10
Yi ɖe kpeto me, eye nàbè ɖe ʋuʋudedi me tso Aƒetɔ ƒe ŋɔdzi nu, tso eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ nu!
11
Woabɔbɔ ŋku gã tolawo ɖe anyi, eye dàdalawo ayi to ale be Aƒetɔ koe anye gã gbe ma gbe.
12
Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la ɖo ŋkeke ɖe dàdalawo, ame siwo kɔ wo ɖokui ɖe dzi kple nu siwo katã kɔa ta dzi la ŋu, ne woabɔbɔ wo ɖe anyi.
13
Eɖoe ɖe Lebanon-sederti kɔkɔ, dama siwo ƒo atiwo katã ta kple Basan-logotiwo katã ŋu.
14
Eɖoe ɖe to kɔkɔwo katã kple togbɛ kɔkɔwo katã ŋu.
15
Eɖoe ɖe xɔ tsrala kɔkɔwo kple gli sesẽ ɖe sia ɖe ŋu.
16
Eɖoe ɖe Tarsis-tɔdziʋuwo katã kple aɖaŋudɔwɔwɔ siwo katã nyakpɔna la ŋu.
17
Woabɔbɔ amegbetɔ ƒe adegbeƒoƒo ɖe anyi, eye woate amegbetɔwo ƒe dàda ɖe to. Aƒetɔ ɖeka ko anye gã gbe ma gbe.
18
Ke legbawo nu ayi keŋkeŋ.
19
Ne Aƒetɔ tso be yeado ŋɔdzi na anyigba la, amewo abè ɖe kpetowo kple dowo me be yewoasí le eƒe dɔmedzoe kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu.
20
Gbe ma gbe la, amegbetɔwo atsɔ woƒe klosalolegba kple sikalegba siwo wowɔ be yewoade ta agu na la aƒu gbe na alegeliwo kple agutɔwo.
21
Ne Aƒetɔ tso be yeado ŋɔdzi na anyigba la, amewo abè ɖe kpetowo kple agadowo me be yewoasí le eƒe ŋɔdzi kple eƒe gãnyenye ƒe atsyɔ̃ la nu.
22
Eya ta migaɖo dzi ɖe amegbetɔ si nye nu kuku la ŋu o. Asixɔxɔ kae le eŋu?
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014