|
| 1 |
|
| Elabena kpɔ ɖa, Aƒetɔ, Yehowa Zebaot, aɖe atizɔti kple ziɔɖeŋu ɖa le Yerusalem kple Yuda, abolo ƒe xɔnamewo katã kple tsi ƒe xɔnamewo katã, |
|
| 2 |
|
| kalẽtɔwo kple aʋawɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple nyagblɔɖilawo, afakalawo kple ame tsitsiwo, |
|
| 3 |
|
| ame blaatɔ̃wo ƒe amegãwo, ame ŋkutawo, adaŋudelavvo, aɖaŋuawo ƒe amegãwo kple dzotɔwo. |
|
| 4 |
|
| Matso ɖeviwo aɖo woƒe amegãwoe, eye ɖevinuwɔlawo aɖu fia ɖe wo dzi; |
|
| 5 |
|
| amewo asẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu, eye amesiame le ehavi ŋu, ɖeviwo adze agbo ɖe amegã ɖeɖiwo ŋu, eye yakamewo ɖe bubumewo ŋu. |
|
| 6 |
|
| Ne amea ɖe alé nɔvia le fofoa ƒe me bena: „Avɔ le asiwò, eyata nanye míaƒe amegã, eye aƒe gbagbã sia nanɔ asiwò me“ la, |
|
| 7 |
|
| axɔ edzi agblɔ gbemagbe bena: „Nyemele abiwɔlaa ɖeke nye ge o, elabena abolo kple avɔa ɖeke mele aƒenye me o; migatsɔm ɖo dukɔ ƒe amegãe o!“ |
|
| 8 |
|
| Elabena Yerusalem amũ, eye Yuda adze anyi, le esi woƒe aɖewo kple woƒe nuwɔwɔwo tso ɖe Yehowa ŋu, ne woaɖo dziku na eƒe kɔkɔenyenye ƒe ŋkuwo ta. |
|
| 9 |
|
| Woƒe moɖoɖo le ɖase ɖim le wo ŋu, eye woɖe woƒe nuvɔ̃wo fia faa abe Sodom ene, womeɣlae o; baba na wo, elabena woawo ŋutɔ ɖokui ŋu wole vɔ̃ wɔm ɖo. |
|
| 10 |
|
| Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse. |
|
| 11 |
|
| Baba na ame vɔ̃ɖi, etɔ me vɔ̃e nɛ, elabena nusi eƒe asi wɔ la, eya woatsɔ awɔe. |
|
| 12 |
|
| Nye dukɔ ƒe ŋutasẽlawo nye ɖeviwo, eye nyɔnuwo ɖu fia ɖe wo dzi. Nye dukɔ, kplɔwòlawo nye ameflula wo, eye wobaɖa wò toƒe ƒe mɔwo. |
|
| 13 |
|
| Yehowa tso, be yeahe nya, etsi tre ɖi va, be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo. |
|
| 14 |
|
| Yehowa kple eƒe dukɔ ƒe ame tsitsiwo kpakple eƒe amegãwo ɖi ʋɔnu be: Miawo miegblẽ nye weingble, eye mieha ame dahewo ƒe nuwo ɖe miaƒe xɔwo me. |
|
| 15 |
|
| Aƒetɔ, Yehowa Zebaot ƒe gbe enye si be: Nukaŋuti mienyã avuzi le nye dukɔ dzi, eye mieto hiãtɔwo ƒe mo nyanyanya? |
|
| 16 |
|
| Yehowa be: Esi Zion-nyɔnuviwo dana, eye wolia kɔ ganɛ nɔa yiyim, woɖoa mo ŋanɛ, wonɔa ble nyẽm xatsɛxatsɛ nɔa yiyim, eye woƒe afɔgawo nɔa ɖiɖim gleŋgleŋ la, |
|
| 17 |
|
| eyata Aƒetɔ la abebe ta na Zion-nyɔnuviwo, eye Yehowa aɖe ama wo. |
|
| 18 |
|
| Gbemagbe Aƒetɔ la aɖe afɔgɛwo ƒe atsyɔ̃ɖoɖo ɖa, ŋgoblanuwo, gaviwo, |
|
| 19 |
|
| togɛwo, abɔkpowo kple moxevɔwo, |
|
| 20 |
|
| takuwo, afɔwo dome kɔsɔkɔsɔwo, alidziblanuwo, anuwɔtregoewo kple kadodowo, |
|
| 21 |
|
| asigɛwo kple ŋɔtigɛwo, |
|
| 22 |
|
| atsyɔ̃vɔwo, awu ʋlayawo, taɖedziwo kple akplowo, |
|
| 23 |
|
| ahuhɔ̃ewo, awutewuiwo, tabablawo kple moxevɔ gãwo. |
|
| 24 |
|
| Ʋeʋẽ kũ axɔ ɖe ʋeʋẽ lilili teƒe, ka axɔ ɖe alidziblanu teƒe, tabebe axɔ ɖe ɖaƒoƒo teƒe, akpanyatata axɔ ɖe awu ʋlaya nyui teƒe, eye dzobi axɔ ɖe nyonyo teƒe. |
|
| 25 |
|
| Wò ŋutsuwo atsi yi nu, eye wò kalẽtɔwo atsi aʋa me. |
|
| 26 |
|
| Woƒe agbowo axa nu, woata konyi, eye woaɖi ƒuƒlu abɔbɔ nɔ anyigba. |
|
|
|
|