×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Yesaya 35

1
Gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, kegbegbe atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.
2
Aƒo se geɖe, eye wòatso aseye. Akpɔ dzidzɔ, adzi ha. Woatsɔ Lebanon ƒe bubu kple Karmel kpakple Saron ƒe gãnyenye nɛ. Woakpɔ Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe kple mía Mawu la ƒe gãnyenye.
3
Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.
4
Migblɔ na ame siwo le vɔvɔ̃m la be: “Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o. Mikpɔ mia Mawu la ɖa! Ava bia hlɔ̃ kple Mawu ƒe teƒeɖoɖo. Eya ŋutɔ ava, eye wòaxɔ na mi!”
5
Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku akpɔ nu, eye tokunɔwo ƒe to ase nu.
6
Bunɔwo ati kpo abe zi ene, eye mumuwo ƒe aɖe adzi dzidzɔha. Elabe tɔ aŋɔ le gbedadaƒo, eye tɔʋuwo le kegbegbe.
7
Ke dzodzo azu tá, eye tsi adzɔ tso kuɖiɖinyigba me. Akpatakuwo nɔƒe azu sime, gbe azu ava kple keti.
8
Mɔ gã aɖe ato afi ma, eye woayɔe be: Mɔ kɔkɔe la. Nu makɔmakɔ aɖeke mato edzi o. Movitɔwo kekeake hã matra mɔ ato edzi o.
9
Dzata aɖeke manɔ afi ma o; lã wɔadã aɖeke hã mava edzi o. Womakpɔ wo le afi ma o; ke ame siwo woɖe la ko ato edzi.
10
Ame siwo Aƒetɔ xɔ ƒle la atrɔ agbɔ. Woava Zion kple hadzidzi. Dzidzɔ mavɔ woatsɔ agbɔe. Woakpɔ dzidzɔ atso aseye, eye woaŋlɔ nuxaxa kple hũɖeɖe be.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes