Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Nyɔnu adre alé ŋutsu ɖeka gbemagbe agblɔ bena: Míaɖu mía ŋutɔwo ƒe abolo, eye míata mía ŋutɔwo ƒe avɔ; na woayɔ wò ŋkɔ de mía ŋu ko; ɖe míaƒe ŋukpe ɖa le mía ŋu. |
| 2 |
| Gbemagbe la Yehowa ƒe atidzedze anye atsyɔ̃ kple bubu, eye anyigba ƒe kutsetse anye adegbeƒoƒo, ɖekadzenu na Israel ƒe ame susɔeawo. |
| 3 |
| Eye ava me be, woayɔ amesiwo kpɔtɔ ɖe Zion kple amesiwo tsi Yerusalem, amesiame, si ŋko woŋlɔ ɖe agbagbeawo dome le Yerusalem la be kɔkɔewo, |
| 4 |
| nenye be, Aƒetɔ la tsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ya kple dzo ƒe ya klɔ Zion-nyɔnuwo ƒe ɖiƒoƒo, eye wòkpala Yerusalem ƒe ʋu ɖa le wo dome. |
| 5 |
| Eye Yehowa aɖo alilikpo kple dzudzɔ ɖe Zion-to ƒe nɔƒewo katã kple eƒe takpeƒewo le ŋkeke me kpakple dzo keklẽ le zã me; elabena wòa tsyɔ nu atsyɔɖoɖowo katã dzi, |
| 6 |
| eye agbadɔ anɔ anyi anye vɔvɔli dodo le ŋkeke me le dzoxɔxɔ ta, eye wòanye sitsoƒe kple bebeƒe le dziya kple tsidzadza ta. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/isaiah/004.mp3
66
4