×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Yesaya 65

1
Menɔ ŋudzɔ be ame siwo mebiaa tanye sena o la, nadim. Menɔ klalo be ame siwo menɔ diyem o la, nakpɔm. Megblɔ na dukɔ si mesubɔam o la be: “Nyee nye esi! Nyee nye esi!”
2
Meke nye abɔwo me ŋkeke blibo la katã ɖo ɖe dukɔ dzeaglã si le nu manyomanyo wɔm, eye wòle eya ŋutɔ ƒe ɖoɖo ŋudɔ wɔm la.
3
Ame siawo le dziku dom nam le ŋkunye me edziedzi, elabe wosaa vɔ le abɔwo me, eye wotɔa dzo lifi le anyikpewo dzi.
4
Wonɔa anyi ɖe yɔdowo me, eye wotsia teƒe ɣaɣlɛwo dɔna le zã. Woɖua halã, eye detsi nyɔŋu le woƒe detsizewo me.
5
Ame siawo gblɔna be: “Nɔ ɖokuiwò si le adzɔge; mègate ɖe ŋunye o, elabe mele kɔkɔe wu wò!” Wonye dzudzɔ le nye ŋɔti me kple dzo si le bibim ŋkeke blibo la.
6
Kpɔ ɖa, woŋlɔe ɖi le ŋkunye me: “Nyemazi kpi o, ke maɖo eteƒe. Maɖo eteƒe na wo ẽ, maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe akɔ me.
7
Maɖo woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔwo kple wo tɔgbuiwo tɔ siaa teƒe na wo, Aƒetɔ lae gblɔe; elabe wotɔ dzo lifi le towo dzi, eye woɖe alɔ me le ŋunye le togbɛwo dzi. Madzidze nu ɖe akɔ me na wo, atsɔ xe nu siwo wowɔ va yi la ƒe fe na wo.”
8
Aƒetɔ be: “Ale si ne amewo kpɔ wain le wain tsetse ƒe kpo me wogblɔna be: ‘Migagblẽe o, elabe yayra le eme la,’ nenemae mawɔ le nye dɔlawo ta. Nyematsrɔ̃ wo katã o.
9
Mana dzidzimeviwo nado tso Yakob me, eye ame siwo anyi nye towo ƒe dome la nado tso Yuda. Nye ame tiatiawo anyi eƒe dome, eye nye dɔlawo anɔ afi ma.
10
Saron azu alẽwo ƒe gbeɖuƒe, eye Axor-bali azu afi si lãhawo atsyɔ akɔ ɖo na nye dukɔ si dim la.
11
Ke mi ame siwo gblẽ Aƒetɔ ɖi, mi ame siwo ŋlɔ nye to kɔkɔe la be, mi ame siwo ɖo kplɔ̃ na aklama, mi ame siwo ku wain nyuitɔ tre banaa na dzɔgbe la,
12
mana miatsi yi nu. Mi katã miabɔbɔ ɖi woawu keŋ. Elabe meyɔ mi, mietɔ o; meƒo nu, mieɖo to o. Ke boŋ miewɔ nu si nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye nu si medzea ŋunye o lae mietia wɔ.”
13
Eya ta Aƒetɔ Mawu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye dɔlawo aɖu nu, ke miawo ya dɔ awu mi. Kpɔ ɖa, nye dɔlawo ano nu, ke miawo ya tsikɔ awu mi. Kpɔ ɖa, nye dɔlawo akpɔ dzidzɔ, ke miawo ya woado ŋukpe mi.
14
Kpɔ ɖa, nye dɔlawo adzi ha akpɔ dzidzɔ, ke miaƒe dzi ase veve, miado ɣli, eye miaƒe gbɔgbɔ axa nu, miafa avi.
15
Miagblẽ mia ŋkɔ ɖi na nye ame tiatiawo woatsɔ nɔ ɖiŋu dom na ame, eye Aƒetɔ Mawu awu mi. Ke atsɔ ŋkɔ bubu na eƒe dɔlawo ya.
16
Ale be ame sia ame si ayra eɖokui le anyigba la dzi la, atsɔ Mawu Nyateƒetɔ la ayra eɖokui, eye ame sia ame si atà nu le anyigba dzi la, atà Mawu Nyateƒetɔ la. Elabe woŋlɔ fu siwo wokpe gbe aɖe gbe la be, eye nye ŋku dzo le wo dzi.”
17
Elabe kpɔ ɖa, mewɔ dziƒo yeyewo kple anyigba yeye. Womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi alo woava susu me o.
18
Ke mikpɔ dzidzɔ, mitso aseye tegbee le nu si mewɔ la ŋuti. Elabe kpɔ ɖa, mewɔ Yerusalem wònye aseyetsotso, eye emenɔlawo nye dzidzɔ.
19
Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu. Avifafa kple konyifaɣli magaɖi woase le eme azɔ o.
20
Ðevi aɖeke magaxɔ ŋkeke ʋɛ aɖe ko aku le eme o; ame tsitsi aɖeke maku ne eƒe ŋkeke mede o. Elabe ɖevi axɔ ƒe alafa ɖeka hafi aku, eye nuvɔ̃wɔla si xɔ ƒe alafa ɖeka ku la, fiƒodee.
21
Woatso aƒewo anɔ wo me, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.
22
Ame matso aƒe, ne ame bubu nava nɔ eme o. Ame mado nu, ne ame bubu nava ɖu o. Elabe ale si ati tsinae la, nenema nye dukɔ atsii, eye nye ame tiatiawo aɖu nu si wotsɔ woƒe asi wɔ dɔ kpɔ la metsonu, eteƒe nadidi.
23
Womawɔ dɔ vlo o, eye womadzi vi wòaku dzɔgbevɔ̃eku o, elabe woanye Aƒetɔ ƒe ame yayrawo ƒe dzidzimeviwo, eye wo viwo anɔ wo ŋu.
24
Matɔ, hafi woayɔm. Womaɖe nu le nya me, hafi mase nyaawo o.
25
Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo xa. Dzata aɖu gbe abe nyitsu ene, eye ʋuʋudedi anye da ƒe nuɖuɖu. Naneke mawɔ nu vevi alo atsrɔ̃ naneke le nye to kɔkɔe blibo la dzi o. Aƒetɔ lae gblɔe.”
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes