Dukɔ vɔ̃ɖi sia, si gbe nye nyawo sese, wole zɔzɔm le woƒe dzimesesẽ nu, wodze mawu tutɔwo yome, eye wosubɔ wo hede ta agu na wo la, anɔ abe alidziblanu sia, si ŋu wɔnaa ɖeke megale o la ene.
Yehowa be: Alesi alidziblanu noa ali na ŋutsui la, nenema memiã Israel ƒe aƒe blibo la kple Yuda ƒe aƒe blibo la ɖe ɖokuinye ŋui, ne wòanye dukɔ, ŋkɔ, kafukafu kple atsyɔ̃ nam, ke womeɖo to o.
Eye nagblɔ nya sia na wo bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Woaku wein ɖe goewo katã me banaa. Ke ne woɖo ŋu na wò be: Ɖe míenyae be, wokua wein ɖe goe sia goe me banaa o hã la,
ekema nagblɔ na wo bena, ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ ahamumu ayɔ anyigba sia dzinɔlawo katã kple fia, siwo le Dawid ƒe zi dzi, nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo kpakple Yerusalemtɔwo katã fũ.
Miɖe bubu Yehowa, mia Mawu la ŋu, hafi ne blukɔ nava do, hafi miaƒe afɔ nava kli blukɔ ƒe towo, eye mianɔ mo kpɔm na kekeli, gake wòana woazu tsizi, eye wòana viviti nado.