Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ mi, abe alesi zemela sia wona ene oa? Israel ƒe aƒe, kpo ɖa, alesi tsu le zemela si mee la, nenema miele asinye mee!
Azɔ gblɔ na Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo bena: Ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe mia ŋu, eye meɖo ta me ɖe mia ŋu. Mia dome amesiame netrɔ tso eƒe mo vɔ̃wo dzi, eye miɖo miaƒe zɔzɔme kple miaƒe nuwɔnawo ɖo.
Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.
Eyata tso woƒe ŋutsuviwo de asi na dɔwuame, eye naxlã wo ɖe yi nu, na woaɖe vi le wo srɔ̃wo ŋu, eye woazu ahosi, ku natsrɔ̃ woƒe ŋutsuwo ɖa, eye yi ne wu woƒe ɖekakpuiwo le aʋa me.
Ke wò, Yehowa, ènya woƒe tame, siwo katã woɖo ɖe ŋunye hena nye ku; megatsyɔ nu woƒe vodadawo dzi o, eye megatsi woƒe nuvɔ̃ nu le ŋkuwò me o; ke boŋ wòadze anyi le ŋkuwò me. Wo wo alea le wò dɔmedzoedogbe!