elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi.
Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”
Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ alo agaƒo nu le eƒe ŋkɔ me o” la, eƒe nya nɔna abe dzo ene le nye dzi me, eye abe dzo bibi nue wotu nu ɖo le nye ƒu tome ene. Etsɔtsɔ ti kɔ nam. Vavã nyemagate ŋui o.
Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene, eya ta yonyemetilawo akli nu eye womaɖu dzi o. Woƒe ɖoɖowo me agblẽ eye woaɖu ŋukpe vevie, bubu si woɖe le wo ŋu la, womaŋlɔe be akpɔ o.
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ, eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me, na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.