“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina.
Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
Metso ɖe ŋutiwò, Yerusalem, wò si le bali sia ƒe dzigbe le agakpeto tame, mi ame siwo gblɔ be, “Ame ka ate ŋu anɔ te ɖe mía nu? Ame ka ate ŋu age ɖe míaƒe bebeƒe la me?” Yehowae gblɔe.