Yehowa be: Amesi tsi dua me la, aku ɖe yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ si me; ke amesi do yi Kaldeatɔwo gbɔ la, atsi agbe, eƒe luʋɔ anye aboyonu nɛ, eye woatsi agbe.
Tete amegãwo gblɔ na fia la bena: Woawu ŋutsu sia, elabena ele alɔgblɔlɔ dom aʋawɔla, siwo kpɔtɔ ɖe du sia me kple dukɔ blibo la, esi wòle nya siawo tɔgbe gblɔm na wo la; elabena ŋutsu sia mele dukɔ la ƒe nyui dim o, negbe woƒe dzɔgbevɔ̃e ko.
Tete wotsɔ Yeremya ɖe fiavi Malxiya ƒe vudo, si le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la me, eye wotsɔ atagbi ɖiɖi Yeremya ɖe eme; ke tsi mele vudoa me o, negbe ba ko, eye Yeremya ɖo to ɖe ba la me.
Eye Ebed-Melex ɖe ŋutsuawo kpe ɖe eɖokui ŋu; ege ɖe fia ƒe aƒe la me, eye wòyi ɖe xɔ, si le nudzraɖoƒea te lãme hetsɔ ɖovuwo kple avɔ nyunyɔwo le afima, eye wòtsɔ atagbi ɖiɖi wo ɖe Yeremya le do la me.
Emegbe fia Zedekiya do ame woɖakplɔ nyagblɔɖila Yeremya va Yehowa ƒe aƒe ƒe mɔnu etɔ̃lia me. Eye fia la gblɔ na Yeremya bena: Mele nya bia ge wò, megana naneke ɖem o.
Tete fia, Zedekiya ka atam na Yeremya le adza me bena: Metà Yehowa, amesi na agbe sia mi la ƒe agbe: Ne mawu wò alo atso wò ade asi na ŋutsu, siwo le wò ku dim la fi!
Tete Yeremya gblɔ na Zedekiya bena: Ale Yehowa, Mawu Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Ne edo yi Babel-fia ƒe amegãwo gbɔ la, ekema atsi agbe, womatɔ dzo du sia o, eye mia kple wò aƒe míatsi agbe.
Eye ne amegãwo se be, meƒo nu kpli wò, eye woava gbɔwò gblɔ na wò bena, to nya, si nègblɔ na fia la na mi, megaɣlae ɖe mi o, ekema míawu wò o, eye aleke fia la gblɔ na wò hã la,