×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Yeremya 45

1
Nyagblɔɖila Yeremya ƒe nya, si wògblɔ na Barux, Neria vi la, esime wòŋlɔ nya siawo tso Yeremya nu ɖe agbalẽ me le Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia me la, enye si:
2
Barux, ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ ɖe ŋuwò enye si.
3
Egblɔ be: „Baba nam, elabena Yehowa tsɔ nuxaxa kpe ɖe nye vevesese ŋu, nye hũɖeɖe ti kɔ nam, eye nyemekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o.“
4
Ale nagblɔ nɛ enye si: Yehowa be: Nusi nye ŋutɔ metu la, magbãe aƒu anyi, eye nusi medo la, mahoe ɖa, anyigba blibo la dzi wòava;
5
hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Save Notes