|
| 1 |
|
| Nyee nye ŋutsu, si kpɔ hiã teƒe le eƒe ameƒoti le. |
|
| 2 |
|
| Ekplɔm, eye wòna mezɔ viviti me, menye kekeli me o. |
|
| 3 |
|
| Ŋunyee wòle eƒe asi trɔm ɖo ɖaa atraɖi le ŋkeke blibo la me. |
|
| 4 |
|
| Edze lã kple agbalẽ le ŋunye yaʋayaʋa, eye wògbã nye ƒuwo. |
|
| 5 |
|
| Etsɔ aɖi kple fukpekpe tɔ kpɔ ɖe ŋunye godoo va kpe. |
|
| 6 |
|
| Ena menɔ blukɔ me abe emesiwo ku gbaɖegbe ke ene. |
|
| 7 |
|
| Eɖo gli ɖe ŋunye, toƒe meli o, eye wòna nye kɔsɔkɔsɔwo nu sẽ ɖe dzi. |
|
| 8 |
|
| Ne mele ɣli dom le eyɔm hã le, etua nu ɖe nye gbedodoɖa nu. |
|
| 9 |
|
| Etsɔ kpe gãwo ɖo amli ɖe nye mɔ dzi, eye wògɔdɔ̃ nye toƒe. |
|
| 10 |
|
| Sisiblisi, si ɖe xa ɖi, kple dzata, si le xa me, wònye nam. |
|
| 11 |
|
| Ekplɔm trae, eye wòvuvum hetsɔ wɔ nu dziŋɔe. |
|
| 12 |
|
| Ehe eƒe ɖa me, eye wòtsɔm ɖo nudzidzea ne eƒe aŋutrɔwo. |
|
| 13 |
|
| Eɖo eƒe dakumeviwo ɖe nye ayikuwo me. |
|
| 14 |
|
| Metrɔ zu nu ɖikokoea na nye dukɔ kple woƒe hamelo ŋkeke blibo la. |
|
| 15 |
|
| Etsɔ ama veve ɖi ƒo nam, eye wòkpe atsa nam meno. |
|
| 16 |
|
| Ena ahliha ŋe aɖu nam, eye wòtigim ɖe dzowɔ me. |
|
| 17 |
|
| Woxɔ ŋutifafa le nye luʋɔ si, eye meŋlɔ dzɔgbenyuie be. |
|
| 18 |
|
| Mebe, nye ŋusẽ nu yi, eye mebu mɔkpɔkpɔ na Yehowa. |
|
| 19 |
|
| Ɖo ŋu nye hiã kple nye fukpekpe, atsa kple aɖi. |
|
| 20 |
|
| Ɖo ŋui, nagaɖo ŋui ɖe dzi be, nye luʋɔ xa gobaa le menye. |
|
| 21 |
|
| Mene esia nade dzigbɔ nam, eyata mele mɔ kpɔm be: |
|
| 22 |
|
| Yehowa ƒe amenuveve nu metso o, eye eƒe nubianuikpɔkpɔ mese ɖo o; |
|
| 23 |
|
| ke boŋ ete yeye ŋɖi sia ŋɖi, eye wò amenuveve tri akɔ! |
|
| 24 |
|
| Nye luʋɔ be: Nye gome enye Yehowa, eyata mele esinu kpɔm ɖo. |
|
| 25 |
|
| Yehowa ƒe ɖɔme nyo ɖe amesi le dzi ɖom ɖe eŋu, kple luʋɔ si le edim la ŋu. |
|
| 26 |
|
| Enyo be, woanɔ anyi kpoo anɔ Yehowa ƒe xɔname sinu kpɔm. |
|
| 27 |
|
| Enye na ŋutsu be, wòatsɔ kɔkuti le eƒe ɖevime. |
|
| 28 |
|
| Nebɔbɔ nɔ aga, eye wòazi ɖoɖoe, elabena eyamae tsoe ɖo edzi; |
|
| 29 |
|
| netsɔ eƒe nu ƒo ɖe ke me, ɖewohi mɔkpɔkpɔ gali; |
|
| 30 |
|
| neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe. |
|
| 31 |
|
| Elabena Aƒetɔ la megbea ame ɖikaa o; |
|
| 32 |
|
| ke boŋ ne edo nuxaxa na ame la, egakpɔa nublanui le eƒe amenuveve geɖe la nu. |
|
| 33 |
|
| Elabena mewɔa fu ame, eye medoa nuxaxa na amegbetɔviwo le dzidzɔ teƒe o. |
|
| 34 |
|
| Ne wofanya anyigba dza gatɔwo katã kple afɔ, |
|
| 35 |
|
| ne wote ame ƒe nya de to le dziƒoʋitɔ la ŋku me, |
|
| 36 |
|
| eye wotrɔ gbo ame ƒe dzrenya la, ɖe Aƒetɔ la makpɔe oa? |
|
| 37 |
|
| Amekae gblɔ nya wòva me, ne Aƒetɔ la meɖe se hafi o? |
|
| 38 |
|
| Ɖe vɔ̃ kple nyui metsoa dziƒoʋitɔ la nu me oa? |
|
| 39 |
|
| Nuka ta amegbetɔ le nu xam le eƒe agbe me? Amesiame nexa nu le eƒe nuvɔ̃ ŋu boŋ. |
|
| 40 |
|
| Mina míaɖo míaƒe zɔzɔme a pɔ, míadzro eme akpɔ, eye míatrɔ ɖe Yehowa ŋu! |
|
| 41 |
|
| Mina míakɔ míaƒe dzi kple míaƒe asiwo dzi ɖo ɖe Mawu le dziƒo. |
|
| 42 |
|
| Míawo míedze aglã, eye míesẽ to, eye wo la mètsɔe ke o. |
|
| 43 |
|
| Eɣla ɖokuiwò le dziku me, eye neti mía yome hewu mí, mèkpɔ mía ta o. |
|
| 44 |
|
| Eɣla ɖokuiwò ɖe alilikpo me, ale be gbedodoɖaa ɖeke meɖi go ɖe egoɖo o. |
|
| 45 |
|
| Etsɔ mi wɔ gbeɖuɖɔ kple ŋunyɔnui le dukɔwo dome. |
|
| 46 |
|
| Miaƒe futɔwo katã ke nu ɖe mía ŋu baa. |
|
| 47 |
|
| Mía tɔ gome enye ŋɔdzi kple ʋe, tsɔtsrɔ̃ kple gbegblẽ. |
|
| 48 |
|
| Nye ŋku le esi kplɔm yoyoyo le nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe gbegblẽ ta. |
|
| 49 |
|
| Nye ŋku le tsyɔtsyɔ dzi ɖaa, enu gbe tsotso, |
|
| 50 |
|
| vaseɖe esime Yehowa naɖo ŋku anyi akpɔe tso dziƒo. |
|
| 51 |
|
| Nye ŋku le veyem ɖe luʋɔ me ke nam le nye ɖu ƒe nyɔnuviwo katã ta. |
|
| 52 |
|
| Nye futɔwo yɔm ɖe nu yakatsyɔ abe xevi ene. |
|
| 53 |
|
| Wotigi nye agbe ɖe do me, eye wofɔ kpe ɖo dzinye. |
|
| 54 |
|
| Tsi fiẽ tanye, eye mebe: Evɔ nam! |
|
| 55 |
|
| Yehowa, wò ŋkɔe meva le do me ʋi ke. |
|
| 56 |
|
| Ese nya ɣli, megaɖe wò to da te nye kokoƒoƒo ŋu nagbe akɔfata nam o. |
|
| 57 |
|
| Etsɔ kpuie le gbesigbe meyɔ wo, eye nẽgblɔ be: Megavɔ̃ o! |
|
| 58 |
|
| Aƒetɔ, asiwò me nye nya le, eye nèɖe nye agbe |
|
| 59 |
|
| Yehowa, èkpɔ nye tetedeanyi, drɔ̃ nye nya nam. |
|
| 60 |
|
| Ekpɔ woƒe hlɔ̃biabiawo katã kple tame, si wodo ɖe ŋunye la. |
|
| 61 |
|
| Yehowa èse woƒe alɔmeɖeɖe kple tame, si woɖo ɖe ŋunye, |
|
| 62 |
|
| nye futɔwo ƒe nuƒoƒo kple woƒe susuwo ɖe ŋunye gbesiagbe. |
|
| 63 |
|
| De ŋku ɖe woƒe anyinɔnɔ kple tsitrenɔnɔ ŋu, hamelo menye na wo. |
|
| 64 |
|
| Yehowa, ɖo eteƒe na wo le woƒe asinudɔwɔwɔwo nu. |
|
| 65 |
|
| Tso tamesesẽ na wo, wo fiƒoɖe neva wo dzi! |
|
| 66 |
|
| Ti wo yome le dziku me, eye natsrɔ̃ wo ɖa le Yehowa ƒe dziƒoa te! |
|
|
|
|