Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Tete gbɔgbɔ la kɔm yi Yehowa ƒe aƒe ƒe ɣedzeƒe-gbo, si ɖo ta ɣedzeƒe gome la nu; kpɔ ɖa, ŋutsu blave vɔ atɔ̃ le agbo la nu, eye mekpɔ Yaazanya, Azur vi, kple Pelatya, Benaya vi, amesiwo nye dukɔ la ƒe amegãwo le wo dome. |
| 2 |
| Eye wògblɔ nam bena: Amevi, ŋutsu siawo nye amesiwo le tame gbegblẽ ɖom, eye wole adaŋu vɔ̃ɖi ɖem le du sia me, |
| 3 |
| woawoe le gbɔgblɔm be: Xɔtutu gbɔ metsɔ o; du la nye kutu, eye míawoe nye lã. |
| 4 |
| Eyata gblɔ nya ɖi ɖe wo ŋu, amevi, gblɔ nya ɖi! |
| 5 |
| Tete Yehowa ƒe gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam bena: Gblɔ be: Ale Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, ale mieƒo nu enye si, eye nusi do tso dzi me na mi la, menyae. |
| 6 |
| Miedzi miaƒe ame kukuwo ɖe dzi le du sia me, eye mietsɔ ame kukuwo yɔ eƒe kpɔdomee taŋ. |
| 7 |
| Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Miaƒe ame kuku, siwo mietsɔ da ɖe dua me la, woawoe nye lã, eye eyamae nye kutu; ke miawo la, woakplɔ mi adzoe le eme. |
| 8 |
| Yi vɔ̃m miele, ke yie mahe va mia dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
| 9 |
| Makplɔ mi adzoe le eme, matsɔ mi ade asi na ame tutɔwo, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi. |
| 10 |
| Míatsi yi nu, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi, ne miadze sii be, nyee nye Yehowa. |
| 11 |
| Dua manye kutu na mi, eye miawo mianye lã anɔ eme o, ke boŋ madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi, |
| 12 |
| ne miadze sii be, nyee nye Yehowa; elabena miezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye miewɔ nu ɖe nye sewo nu o, ke boŋ miewɔ nu ɖe dukɔ, siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo nu. |
| 13 |
| Eye wòva me, esi mele nya gblɔm ɖi la, kasia Pelatya, Benaya vi la ku; tete matsyɔ mo anyi hedo ɣli sesĩe gblɔ bena: Alele, Aƒetɔ Yehowa, Israel ƒe ame mamleawo nèbe, yeatsrɔ̃a? |
| 14 |
| Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena: |
| 15 |
| Amevi, nɔviwòwo, nɔviwò aboyomeawo kple Israel ƒe aƒe blibo la, wonye amesiwo ŋu Yerusalemtɔwo le gbɔgblɔm le be: Woamawo le adzɔge tso Yehowa gbɔ, míawoe wotsɔ anyigba la na, be wòanye mía tɔ. |
| 16 |
| Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Meɖo mi ɖe dukɔwo dome ʋĩ, eye mekaka mi ɖe anyigbawo dzi, eye menye kɔkɔeƒe na mi vie le anyigba, siwo dzi mieyi. |
| 17 |
| Eyata gblɔ be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome, eye maƒo mia nu ƒu tso anyigba, siwo dzi miekaka ɖo la dzi ahatsɔ Israel-nyigba na mi. |
| 18 |
| Woayi afima, eye woaɖe eƒe legbawo katã kple eƒe ŋunyɔnuwo katã ɖa le edzi. |
| 19 |
| Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo, |
| 20 |
| ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woalé nye sewo me ɖe asi ahawɔ wo dzi, woanye dukɔ nam, eye manye Mawu na wo. |
| 21 |
| Ke amesiwo ƒe dzi dze woƒe legbawo kple woƒe ŋunyɔnuwo yome la, mahe woƒe zɔzɔme ava woƒe ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe! |
| 22 |
| Tete Kerubiawo ƒo aʋala, eye tasiaɖamfɔawo kpe ɖe wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu la ƒe ŋutikɔkɔe le wo ta me. |
| 23 |
| Eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kɔ eɖokui dzi tso dua me heva no to, si le dua ƒe ɣedzeƒe la dzi. |
| 24 |
| Eye gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me ɖada ɖe aboyomeawo gbɔ le Kaldea-nyigba dzi to Mawu ƒe gbɔgbɔ la me, eye ŋutega, si mekpɔ la, dzo le gbɔnye. |
| 25 |
| Eye megblɔ Yehowa ƒe nya, siwo katã wòɖe fiãm la, na aboyomeawo. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/ezekiel/011.mp3
48
11