×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Xezekiel 2

1
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, tso nànɔ tsitre nu ne maƒo nu kpli wò.”
2
Esi wòƒo nu nam la, Gbɔgbɔ la ɖo menye, eye wòfɔm ɖe te ɖe nye afɔwo dzi, eye mesee wònɔ nu ƒom nam.
3
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, madɔ wò ɖe Israelviwo gbɔ, ɖe ame dzeaglãwo ƒe dukɔ, ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la gbɔ. Wo kple wo tɔgbuiwo da nye sewo dzi va se ɖe egbe.
4
Dukɔ si gbɔ mele dɔwòm ɖo la nye ame mabunuwo, eye woƒe tame sẽ. Mele dɔwòm ɖe wo gbɔ, ne nàgblɔ na wo be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Esi wònye ƒome si sẽa to wonye la,
5
wosee o, womesee o (elabe ame sẽtowo wonye), woanyae be Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe nɔ yewo dome kpɔ.
6
Ke wò amegbetɔ vi, mègavɔ̃ wo loo, alo avɔ̃ woƒe nyawo o. Togbɔ be dza kple ŋuwo ƒo xlã wò, eye nènɔ anyi ɖe dziɖegbewo dzi hã la, mègavɔ̃ woƒe nyawo loo, alo woƒe dzedzeme nadzi ŋɔ na wò o. Elabe ƒome si ƒe to sẽ la wonye.
7
Ke wò la, gblɔ nye nyawo na wo, woɖasee o, woɖagbe esese o, elabe ƒome dzeaglã wonye.”
8
“Ke wò amegbetɔ vi, ɖo to nu si gblɔ ge mala na wò. Mègadze aglã abe ƒome dzeaglã ma ene o. Ke nu nàɖu nu si tsɔ ge mala na wò.”
9
Esi melé ŋku ɖe eŋu la, kpɔ ɖa, asi aɖe nye esi wodo ɖe gbɔnye, eye kpɔ ɖa, agbalẽ si dzi woŋlɔ nu ɖo la le eme.
10
Ekekee ɖe ŋkunye me. Woŋlɔ nu ɖe eme kple egodo. Woŋlɔ konyifafa, hũɖeɖe kple vevesese nyawo ɖe eme.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes