“Ame vi, ƒo nu na Israel ƒe ametsitsiwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ. Nyee mieva gbe bia gea? Meta nye agbe be nyemana miabia gbem o. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’
eye nàgblɔ na wo be, ‘Nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye gbe si gbe metia Israel la, mekɔ nye asi dzi, meka atam na Yakob ƒe aƒe ƒe dzidzimeviwo, eye meɖe ɖokuinye fia wo le Egipte. Mekɔ nye asi dzi hegblɔ na wo be, “Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu la.”
Gbe ma gbe la, meka atam na wo be makplɔ wo ado goe le Egipte ayi anyigba aɖe si medi da ɖi na wo la dzi, anyigba si dzi notsi kple anyitsi tsana le. Anyigba sia nyo wu bubuawo katã.
Megblɔ na wo be, “Mia dometɔ ɖe sia ɖe naɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi mieda ŋku ɖo la ŋu, eye migagblẽ kɔ ɖo na mia ɖokuiwo kple Egipte legbawo o. Nyee nye Aƒetɔ Yehowa, miaƒe Mawu la.”
“ ‘Ke wodze aglã ɖe ŋutinye, eye womeɖo tom o; womeɖe asi le aklamakpakpɛ dzodzro siwo dzi woda ŋku ɖo la ŋu o, eye womeɖe asi le woƒe Egipte legbawo hã ŋu o. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi eye magblẽ nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu le Egipte.
Ke le nye ŋkɔ ta, mekplɔ wo do goe tso Egipte dukɔ la me. Mewɔ nu sia be womagado gu nye ŋkɔ le dukɔ siwo dome wonɔ, ame siwo dome meɖe ɖokuinye fia Israel le.
“ ‘Ke Israelviwo dze aglã ɖe ŋunye le gbegbe la. Womelé nye ɖoɖowo me ɖe asi o, ke boŋ wogbe nye seawo, togbɔ be ame si wɔa nye seawo dzi la, anɔ agbe. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku akɔ ɖe wo dzi, eye matsrɔ̃ wo le gbegbe la.
Kpe ɖe esia ŋu la, mekɔ nye asi dzi heka atam na wo le gbea dzi be nyemakplɔ wo ayi anyigba si mena wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo, anyigba si nya kpɔna wu bubuawo katã la dzi o;
“ ‘Ke ɖeviawo dze aglã ɖe ŋunye. Womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o, eye womekpɔ egbɔ be yewoawɔ ɖe nye seawo dzi o, togbɔ be mena wonya be, ame siwo wɔ ɖe wo dzi la anɔ agbe hafi. Wogblẽ kɔ ɖo na nye Dzudzɔgbewo. Ale megblɔ be matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe wo dzi le gbea dzi.
Mena woto woƒe nunana si nye woƒe ŋgɔgbevi ɖe sia ɖe tsɔtsɔ sa vɔe la me gblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui, ale be mana be vɔvɔ̃ naɖo wo, eye woanya be nyee nye Yehowa.’
“Eya ta Ame vi, ƒo nu na Israelviwo, eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: le esia me hã la, mia fofowo gblɔ busunyawo ɖe ŋunye esi wotrɔ le yonyeme.
Esi mekplɔ wo va anyigba si meka atam be mana wo dzi, eye wokpɔ to kɔkɔ aɖe alo ati aɖe si do wusuu la, afi ma wowɔa vɔsawo kple vɔsanunanawo le, eye wodoa dziku nam. Wodoa dzudzɔʋeʋĩwo, eye wowɔa woƒe nunovɔsawo.’
“Eya ta gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Ɖe miado gu mia ɖokuiwo abe ale si mia fofowo wɔ, biã ŋku ɖe aklamakpakpɛ dzodzrowo ŋua?
Ne mietsɔ mia viwo sa vɔe le dzo me abe nunana ene la, mieyi gudodo mia ɖokuiwo dzi kple miaƒe legbawo va se ɖe egbe. Ɖe mana miabia gbem mahã, O! Israel ƒe aƒe? Meta nye agbe be nyemaɖe mɔ miabia gbem o’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.
Maɖe ame siwo dze aglã ɖe ŋutinye la ɖa le mia dome. Togbɔ be makplɔ wo adzoe le anyigba si dzi wole hã la, womaɖo afɔ Israelnyigba dzi o. Ekema mianya be nyee nye Yehowa.’
“Miawo ya la, O! Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi. ‘Miyi, eye miasubɔ miaƒe legbawo, mia dometɔ ɖe sia ɖe. Ke emegbe la, miaɖo tom kokoko, eye miagado vlo nye ŋkɔ kɔkɔe la kple miaƒe vɔsawo kple legbawo o.
Elabena le nye to kɔkɔe si nye Israel ƒe to kɔkɔ la dzi la, Israel ƒe aƒe blibo la asubɔm le anyigba ma dzi, eye le afi ma la, maxɔ wo.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe. ‘Le afi ma la, mahiã miaƒe nunana xɔasiwo kple miaƒe vɔsa kɔkɔewo.
Mianya be nyee nye Yehowa, ne mehe to na mi le nye ŋkɔ ta, eye menye le miaƒe mɔ vɔ̃wo kple miaƒe nu gbegblẽwo wɔwɔ nu o.’ O! Israel ƒe aƒe, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Gblɔ na ave si le Negeb la be, ‘Se Yehowa ƒe nya. Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Esusɔ vie matɔ dzo wò, eye dzo la afia wò atiwo katã, ati mumuwo kple ƒuƒuawo siaa. Womatsi dzo la o, eye wòafia ŋkume ɖe sia ɖe tso dziehe yi anyiehe.