Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”
Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi, elabena egbɔna dzɔdzɔ ge ɖe nye amewo dzi, ɖe Israel ƒe dziɖulawo katã dzi. Woda wo kple nye amewo ɖe yinu, eya ta ƒo wò akɔta.
“Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe. Na yi nadze ame dzi zi eve alo zi etɔ̃ gɔ̃ hã. Amewuyie, yi na ame geɖewo wuwu, yi si amimi wo ɖo to axa ɖe sia ɖe dzi.
“Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me.
“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’
ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi.
“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi: “ ‘Yi, yi, woɖee le aku me na amewuwu, wotutu eŋu wòle dzo dam abe dzikedzo ene hena nugbegblẽ.
Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò, eye magbɔ nye dɔmedzoe helĩhelĩ ƒe dzo ƒe ya ɖe ŋuwò. Matsɔ wò ade asi na ŋutasẽlawo, ame siwo bi ɖe nu gbegblẽ ƒe aɖaŋu me.