×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Xezekiel 35

1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, trɔ mo ɖe Seir-to ŋu, eye nàɖe gbeƒã ɖe eŋu.
3
Gblɔ nɛ be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, Seir-to, metsi tre ɖe ŋuwò, eye maɖe alɔka me ɖe ŋuwò. Mawɔ wò nàzu gbegbe kple aƒedo.
4
Mana wò duwo nazu aƒedo, eye nàtrɔ zu gbegbe, eye àdze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
5
Esi fuléle ame ɖikaɖika doa dzidzɔ na wò, eye nètsɔ Israel-dukɔ la de asi na ame siwo kpɔ ŋusẽ tsɔ yi ɖe wo ŋu, esi dzɔgbevɔ̃e dzɔ ɖe wo dzi le ɣeyiɣi mamlɛ si me wohe to na wo ta la,
6
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, mana nànɔ mɔ kpɔm na ʋu, eye ʋue anɔ yowòme. Elabe èkɔ ʋu ɖi, eye ʋue akplɔ wò ɖo.
7
Mana Seir-to la nazu gbegbe kple aƒedo, eye matsrɔ̃ ame siwo vana gadzona la ɖa le edzi.
8
Mana ame tsiaʋawo namlɔ miaƒe towo dzi kpaŋkpaŋ. Ame siwo tsi yi nu la amlɔ wò togbɛwo dzi, wò baliwo kple wò agatowo me.
9
Mawɔ wò nàzu gbegbe ɖikaa, eye wò duwo azu aƒedo. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
10
“Esi nègblɔ be: ‘Ye tɔe nye dukɔ eve siawo, eye anyigba eve siawo anye ye tɔ, eye míaxɔe woanye mía tɔ’, evɔ wònye Aƒetɔ nɔ afi ma kpɔ hafi la,
11
eya ta Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, matu nu kpli wò le dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã si meɖe fia le esime nèlé fu wo ta. Maɖe ɖokuinye afia le mia dome, ne meva drɔ̃ ʋɔnu mi,
12
eye mia dze sii be nye Aƒetɔ, mese nya siwo mietsɔ ɖi gbɔ Israel-towo hegblɔ be: ‘Wowɔ wo wozu gbegbe; wotsɔ wo na mí be míavuvu.’
13
Miewɔ nu me, kɔ mia ɖokui dzi ɖe ŋunye. Mieƒo nu le ŋunye kpaŋkpaŋ. Mesee.
14
Aƒetɔ Mawu be: Mawɔ wò nàzu gbegbe be anyigba blibo la katã natso aseye.
15
Abe ale si nèkpɔ dzidzɔ be yenyi Israel-dukɔ la dome, elabe ezu gbegbe ene la, nenema ke mawɔe na wòe. Àzu gbegbe; Seir-to kple Edom blibo la katã woazu gbegbe. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes