Maɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la afia le nye dukɔ Israel dome, eye nyemana woagado gu nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o, ne dukɔwo nadze sii be, nye Yehowa ye nye kɔkɔetɔ le Israel.
Womatsɔ nake atso gbe me vɛ o, eye womafɔe le avewo me hã o, ke boŋ aʋawɔnuwo woatso ado dzoe; woada adzo amesiwo da adzo wo, eye woaha wo halawo, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.
Ɣemaɣi la mana teƒea ɖe Gog ɖe Israel-nyigba dzi, si nye Abarim-bali me la le atsiaƒu ƒe ɣedzeƒe gome; woaxe Abarim-bali la ƒe mo, eye afima woadi Gog kple eƒe amehawo katã ɖo, eye woayɔe be „Gog ƒe amehawo ƒe balime“.
Amevi, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gblɔ na xe ƒomevi vovovowo katã kpakple gbemelãwo katã bena: Miƒo ta kpli, eye miƒo mia ɖokui nu ƒu tso goawo katã me, ne miava nye vɔsa ŋkekenyuie, si ɖu ge mala na mi la ɖu ƒe, aglotutu gã wònye le Israel-towo dzi, eye miaɖu lã ano ʋu.
Eye dukɔwo nadze si be, Israel ƒe aƒe la ƒe vodadawo ta wonyã wo de gbe ɖo; le esi wòtrɔ ʋu le yonyeme ŋuti la, eyata meɣla nye ŋku me ɖe wo, eye metsɔ wo ɖe asi na woƒe ketɔwo, be wo katã wotsi yi nu.
Eye woadze sii be, nye Yehowa ye nye woƒe Mawu, esi mena woɖe aboyo wo yi dukɔwo dome, eye megaƒo wo nu ƒu ɖe woƒe anyigba dzi, eye nyemegblẽ wo dometɔa ɖeke ɖe afima o ŋuti.