Eye wòkplɔm yi xɔxɔnu kɔtoetɔ le anyiehe gome, eye wòkplɔm va xɔ, si le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze kple gli, si le anyiehe gome la ŋgɔdze la gbɔ;
Le teƒe, si le xɔxɔnu metɔ hekeke abɔklugui blave gbɔ lɔƒo, kple kpenyigba, si le xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ lɔƒo la, sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me.
Eye wògblɔ nam be: Xɔvi, siwo le anyiehe gome, kple xɔvi, siwo le dziehe gome le teƒe, si ŋu wòtɔ kpɔ ɖo la ŋgɔdze la, xɔvi kɔkɔewo wonye, afisi nunɔla, siwo kpɔ mɔ ate ɖe Yehowa ŋu la, aɖu nu kɔkɔetɔwo le; afima woatsɔ nu kɔkɔetɔ, siwo nye nuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖivɔsa ada ɖo, elabena teƒe kɔkɔe ye.
Ne nunɔlawo ge ɖe kɔkɔeƒea me la, womado ayi xɔxɔnu kɔtoetɔ o, ke boŋ woaɖe woƒe awu, siwo wodo subɔ la, ɖe afima, elabena nu kɔkɔewo wonye, eye woaɖo awu bubuwo hafi ayi teƒe, si woɖo ɖi na dukɔ la.
Edzidzee le go eneawo me, eye gli ƒo xlãe godoo va kpe didi abɔklugui alafa atɔ, eye wòkeke abɔklugui alafa atɔ, ne wòatso nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo dome.