Nu kɔkɔe wònye tso anyigba la ŋu; nunɔla, siwo le subɔsubom le kɔkɔeƒe la, amesiwo fena ɖe Yehowa ŋu, ne woasubɔe la to wòanye; xɔteƒe wòanye na wo, eye teƒe kɔkɔe wònye kpe ɖe kɔkɔeƒe la ŋu.
Eye miana anyigba amegã la ɖe akpa eveawo dzi ɖe anyigba kɔkɔe la kple du la ƒe anyigba ƒe akpa dzi wòaƒo go kple anyigba kɔkɔe la le ɣetoɖoƒe gome kpakple du la ƒe anyigba le ɣedzeƒe gome, eƒe didime nanɔ akasa ɖeka nu kple anyigba, si le ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe gome.
Esia nye eƒe anyigba, si ana esi le Israel, bene nye amegãwo magate nye dukɔ ɖe anyi azɔ o, ke boŋ woatsɔ anyigba la ana Israel ƒe aƒe la ɖe woƒe towo nu.
Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel-amegãwo, esɔ gbɔ na mi azɔ! Miɖe asi te ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ŋu; miwɔ nu dzɔdzɔe kple nusi le eteƒe, eye midzudzɔ adzodada nye dukɔ; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!
Amegã la si me numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa le ŋkekenyuiewo dzi, le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi, kpakple le Israel ƒe takpegbewo katã nanɔ, eya ana woasa nuvɔ̃vɔ, nuɖuvɔ, numevɔ kple akpedavɔ, ne woalé avu na Israel ƒe aƒe la.