Ne ame si ɖe adzɔgbea nye numanɔsitɔ ale be mate ŋu akpɔ ga home si hiã axe o la, ekema ele nɛ be wòakplɔ ame si wòtsɔ ɖe adzɔgbea la ayi nunɔla gbɔ, eye nunɔlaa ado asi aɖe si bɔbɔ wu ale be adzɔgbeɖelaa ate ŋu axee la ɖe eŋu.”
ame aɖeke mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖeke aɖɔlii o. Ne lã bubu sia nyo wui alo menyo de enu o hã, womekpɔ mɔ atsɔe ɖɔlii o. Ne ehiã kokoko be woaɖɔlii le nane ta, eye woɖɔlii la, ekema woabu lã eveawo be wozu nu kɔkɔewo.
Ne ame aɖe kɔ eƒe aƒe ŋu na Aƒetɔ la, nunɔla ado asi ɖe eŋu le ale si wònyoe la nu, eye asi sia asi si nunɔlaa do ɖe eŋu lae lanye eƒe asi; tɔtrɔ maganɔ asia ŋu o.
“Ne ame aɖe kɔ eƒe anyigba si ƒe dome wònyi ƒe akpa aɖe ŋu na Aƒetɔ la, nuku ale sinu woate ŋu aƒã ɖe edzi la dzie woakpɔ hafi ado asi ɖe eŋu. Nenye lu kilo bla eve woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga ewo; nenye lu kilo alafa etɔ̃ woate ŋu aƒã ɖe edzi la, ekema ele be eƒe home nanye klosaloga bla atɔ̃.
Ne aseyetsoƒe va yi hafi wòkɔ eƒe agblea ŋu na Aƒetɔ la, ekema ƒe ale sinu susɔ hafi aseyetsoƒe bubu nagaɖo la dzie nunɔlaa lakpɔ hafi anya afi si wòaɖe agblea ƒe asi dzi ava se.
nunɔla akpɔ ƒe ale sinu susɔ ne aseyetsoƒe nagaɖo la dzi ɖa hafi ado asi ɖe eŋu, eye ele na agblea tɔ be wòaxe fea gbe ma gbe ke; ekema gaa zu Aƒetɔ ƒe ga.
Nenye lã makɔmakɔ aɖe ƒe ŋgɔgbevie la, nutɔa ate ŋu agbugbɔe aƒle faa: ɖeko wòaxe home si nunɔla do ɖe eŋu, agaxe home ma ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpee ko, evɔ. Ne megbugbɔe ƒle o la, nunɔlaa kpɔ mɔ adzrae na ame bubu ɖe ale si wole eƒlem la dzi.
“Ne ame aɖe kɔ eƒe nane ŋu tsɔ ɖe adzɔgbee ɖikaa na Aƒetɔ la, ame aɖeke mekpɔ mɔ adzra nu ma o. Ame si tsɔe ɖe adzɔgbee alea gɔ̃ hã mekpɔ mɔ agbugbɔ xɔe ƒle o. Eɖanye amegbetɔe o, eɖanye lãe o, eɖanye agble alo anyigba aɖe si nye adzɔgbeɖela la ƒe domenyinu lae o, ezu nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe ŋutɔ na Aƒetɔ. Ezu Aƒetɔ tɔ keŋkeŋ, ɖikaa.
Mele be ame si tɔ lãawo nye la naɖo wo ayetɔe be tiatiaa nadze lã siwo medzè ŋkume o la ko dzi o. Nenema ke ne nudzidzea dze lã aɖe dzi ko, mekpɔ mɔ atsɔ bubu aɖɔlii o. Ne eɖɔlii la, ekema lã si wòɖɔlii kple esi wòtsɔ ɖɔlii la siaa zu Aƒetɔ tɔ, eye ame aɖeke megakpɔ mɔ agbugbɔ wo aƒle o.”