“Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ ɖe Aƒetɔ ŋu, le kpɔɖeŋu me, wògbe be yematrɔ nane si ye nɔvi Israelvi aɖe tsɔ ɖo ye gbɔ alo be nekpɔ nane dzi na ye la nɛ o, alo wòfi nɔvia ƒe nane, alo ba nɔvia
Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ heɖi fɔ la, ele nɛ be wòaɖo nu si wòda adzoe la teƒe. Alo ne exɔ nane to nɔvia tete ɖe anyi me, alo wòda nu ɖe egbɔ, eye wòsẽ nu be mele ye gbɔ o, alo wòfɔ nane, eye meɖe gbeƒã le eŋu o,
alo wòka aʋatso heta nu ƒu edzi la, ele nɛ be wòaɖo nua teƒe pɛpɛpɛ. Gawu la, ele be wòatsɔ nua ƒe home ƒe atɔ̃liawo ɖeka akpe ɖe nua ŋu hafi atrɔe na ame si tɔ wònye la, le gbe si gbe wòle fɔɖiɖivɔ la sa ge.
Azɔ ele nɛ be wòadi nu si wòtsɔ le fɔɖiɖivɔ la sa gee la atsɔ yi na nunɔla hena Aƒetɔ. Fɔɖiɖivɔsanua nanye agbo si naneke mewɔ afi aɖeke na o, eye nàkpɔ egbɔ be eƒe asi de fɔɖiɖivɔsa nu tututu.
“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be numemevɔsa ŋuti se siwo nu wòle be woazɔ ɖo la woe nye esiwo gbɔna. Ele be woaɖo numemevɔsa la dzo nu le vɔsamlekpui dzi zã blibo va se ɖe ŋdi, eye ele be vɔsamlekpui dzi dzo la nanɔ bibim le ɣeyiɣi ma katã me.
Ele be vɔsamlekpui dzi dzo la nanɔ bibim ɖaa; womazi kpi akpɔe wòatsi ɣeaɖekeɣi o. Gbe sia gbe ŋdi la, nunɔla la nade nake eme, aɖo numemevɔsalã la ɖe nakeawo dzi, eye wòana ŋutifafavɔsalãwo ƒe ami nafiã keŋkeŋ.
Aku nuɖuɖuvɔsawɔ memee la si dzi wokɔ ami ɖo la ƒe asiʋlo ɖeka, atsɔ lifi si le vɔsanua dzi la katã akpe ɖe eŋu, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe ŋkuɖodzigome ene. Eƒe ʋeʋẽ lílilĩ dzea Aƒetɔ ŋu.
Aron ƒe dzidzimeviŋutsu ɖe sia ɖe kpɔ mɔ aɖu vɔsanu sia. Enye sedede mavɔ tso dzidzime yi dzidzime. Ame sia ame si aka asi Aƒetɔ ƒe dzovɔsa sia ŋu la azu kɔkɔe.”
“Esia nye vɔsa si Aron kple via ŋutsuwo asa na Aƒetɔ gbe si gbe wosi ami na wo dometɔ aɖe la. Ele be wòaku wɔ memee kilo ɖeka, abe esi wotsɔna saa gbe sia gbe nuɖuɖuvɔ ene, atsɔ kilo afã asa vɔ le ŋdi, agatsɔ afã mamlɛa asa vɔ le fiẽ.
Gbe si gbe Aron ƒe dzidzimevi aɖe zu nunɔla ɖe bubu yome ko la, ele be woasa nuɖuɖuvɔ sia na Aƒetɔ abe ale si mede se mavɔ la ene. Woamèe wòafiã keŋkeŋ.
“Gblɔ na Aron kple via ŋutsuawo be nuvɔ̃vɔsa ŋuti se nye esi: Woawu lã si wotsɔ le nuvɔ̃vɔ la sa gee la le Aƒetɔ ŋkume, le vɔsamlekpui la ƒe dzigbeme le teƒe si wowua numemevɔsalãwo le.