Nunɔla si sa nuɖuvɔ la na Yehowa la axɔ nuɖuɖu si susɔ ne ewu vɔsa la nu. Woawɔ se sia dzi nenye be wome vɔsanu la le kpo me loo, tɔe le ami me loo alo mee le dzo me.
“Nenye akpedada tae wole vɔ la sam ɖo la, ekema woatsɔ abolo si wowɔ kple amɔ maʋamaʋã la akpe ɖe vɔsalã la kple akaklɛ̃ si dzi wokɔ ami ɖo kple wɔ memee si woblu kple ami hetsɔ tɔ wɔkakloe la ŋu.
Le lã la tsɔtsɔ sa vɔe kple etsɔtsɔ na Yehowa abe ŋutifafavɔsa ene be woaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ kple akpedada tɔxɛ afia vɔ megbe la, woaɖu vɔsalã la gbe ma gbe ke, eye ɖeke matsi anyi ŋu nake o.
“Ke ne ame aɖe tsɔ nane vɛ si menye akpedavɔsa o, ke boŋ wònye vɔsa ɖe atam si amea ka ta alo wònye lɔlɔ̃nununana la, ekema vɔsalã si womeɖu le ŋkeke si dzi wosa vɔ la le o la, woate ŋu aɖui ne ŋu ke.
Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ”
Esiae nye woƒe fetu! Ele be woaɖe wo ɖa tso numevɔsa la gbɔ, eye woatsɔ wo ana ame siwo katã wotia be woasubɔ Yehowa abe nunɔlawo ene. Ame siawoe nye Aron kple via ŋutsuwo,
elabena le gbe si gbe wosi ami na Aron kple via ŋutsuwo la, Yehowa de se na Israelviwo be woatsɔ vɔsalã ƒe akpa siawo na wo. Wo tɔ wonye tso dzidzime yi dzidzime.