EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Mi Yakob ƒe tatɔwo kple edziɖulawo, miɖo to miase. Menye miaƒe dɔ wònye be mianya nu dzɔdzɔe wɔwɔ oa? |
| 2 |
| Ke miawo boŋ mielé fu nyui, eye mielɔ̃ vɔ̃. Mievuvua agbalẽ le amewo ŋu agbagbee, eye miefoa lã le woƒe ƒu ŋu. |
| 3 |
| Mieɖua nye amewo ƒe lã. Miefoa agbalẽ le wo ŋu, gbãa woƒe ƒu, eye mieflia wo dea ze abe lã ene, abe lã le detsiƒoze me ene. |
| 4 |
| Emegbe woado ɣli ayɔ Aƒetɔ, ke matɔ na wo o. Aɣla ŋkume ɖe wo ɣe ma ɣi elabe wowɔ nuvɔ̃ɖi. |
| 5 |
| Ale Aƒetɔ gblɔ na gbeƒãɖela siwo kplɔa dukɔ la tranae, ame siwo doa boblo be “Ŋutifafa” ne wokpɔ nu ɖu, ke wohoa aʋa ɖe ame siwo menaa naneke wo o la ŋu, lae nye esi: |
| 6 |
| Eya ta zã ado ɖe mi, miakpɔ ŋutega o. Blukɔ ado ɖe mi; afa magaɖi o. Ɣe aɖo to ɖe gbeƒãɖelawo, eye ŋkeke azu viviti tsiɖitsiɖi na wo. |
| 7 |
| Woaɖi gbɔ nukpɔlawo, eye woado ŋukpe bokɔwo. Wo katã amia nu kpoo elabe Mawu megale nya ŋu ɖom na wo o. |
| 8 |
| Ke nye la, wotsɔ ŋusẽ, Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple ŋutete yɔm taŋ bene magblɔ Yakob ƒe dzidada kple Israel ƒe nuvɔ̃ nɛ. |
| 9 |
| Mise esia, mi Yakob ƒe tatɔwo, kple Israel aƒe aƒe la dziɖulawo; mi ame siwo tsri ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, eye miegbe nu sɔsɔe wɔwɔ; |
| 10 |
| mi ame siwo le Zion tum kple ʋu eye miele Yerusalem-du la tum kple nu gbegblẽ wɔwɔ. |
| 11 |
| Eƒe tatɔwo xɔa zãnu hafi tsoa nya me; eƒe nunɔlawo xɔa ga hafi fiaa se la, eye gbeƒãɖelawo xɔa ga hafi gblɔa gbedeasi. Evɔ la, woziɔna ɖe Aƒetɔ ŋu gblɔna be: “Ɖe Aƒetɔ mele mía dome oa? Vɔ̃ aɖeke mava mía dzi o.” |
| 12 |
| Eya ta woade agble ɖe Zion. Yerusalem azu glikpo, eye to si dzi gbedoxɔ la le la azu ave, le mia ta. a. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/micah/003.mp3
7
3