EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Tete mefɔ mo dzi, eye kpɔ ɖa, mekpɔ ŋutsu aɖe si lé nudzidzeka ɖe asi. |
| 2 |
| Mebiae be: “Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu nam be: “Meyina Yerusalem dzidze ge ne manya eƒe kekeme kple didime.” |
| 3 |
| Tete mekpɔ be mawudɔla si nɔ nu ƒom kplim la do, zɔ yi ŋgɔ, eye mawudɔla bubu do va ŋgɔ va kpee. |
| 4 |
| Egblɔ nɛ be: “Ƒu du yi ɖagblɔ na ɖekakpuivi ma be gli magaƒo xlã Yerusalem azɔ o, ke boŋ anɔ abe kɔƒe ene elabe dua me nɔlawo kple lãhawo asɔ gbɔ wu dua. |
| 5 |
| Elabe manye glikpɔ si anye dzo aƒo xlãe, Aƒetɔ lae gblɔe, eye manye atsyɔ̃ anɔ eme.” |
| 6 |
| Hee! Hee! Misí tso dzigbemenyigba dzi, Aƒetɔ lae gblɔe, elabe mekaka mi ɖe gbeta abe dziƒo ƒe ya eneawo ene. |
| 7 |
| Hee! Misí yi Zion, mi ame siwo le Babilon vinyɔnu gbɔ. |
| 8 |
| Elabe Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be bubu tae wodɔm ɖe dukɔ si ha mi la gbɔ, elabe ame si ka asi mia ŋu la ka asi eƒe ŋkuvi ŋu. |
| 9 |
| Kpɔ ɖa, maʋuʋu asi ɖe wo, eye woatrɔ zu nuhaha na ame siwo subɔ wo la. Ekema mianyae be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖa. |
| 10 |
| Aƒetɔ be: “Wò Zion vinyɔnu, dzi ha, eye tso aseye elabe megbɔna be manɔ dowòme!” |
| 11 |
| Ɣe ma ɣi la, dukɔ geɖewo ava ku ɖe Aƒetɔ ŋu azu nye dukɔ. Manɔ dowòme, eye nànya be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae dɔm ɖe gbɔwò. |
| 12 |
| Aƒetɔ anyi Yuda ƒe dome le anyigba kɔkɔe la dzi, eye wòagatia Yerusalem. |
| 13 |
| Ŋutilãwo katã nezi ɖoɖoe toŋ le Aƒetɔ ŋkume, elabe edo tso eƒe nɔƒe kɔkɔe la gbɔna. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/zechariah/002.mp3
14
2