EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| “Elabe kpɔ ɖa, ŋkeke aɖe le bibim abe kpodzo ene gbɔna. Dàdalawo kple nuvɔ̃ɖi wɔlawo katã anɔ abe gbe ƒuƒu ene. Gbe ma gbe la, woafiã keŋ, ale be ke kple alɔ aɖeke masusɔ o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe. |
| 2 |
| Ke mi ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la, nu dzɔdzɔe wɔwɔ ƒe ɣe adze na mi, eye wòayɔ dɔ mi abe ɣetotoe ene. Ekema miavo anɔ dzidzɔ kpɔm adzo abe nyiviwoe do tso lãkpɔ me le kpo tim ene. |
| 3 |
| Gbe si gbe mawɔ nu si medi be mawɔ la, miaɖu ame vɔ̃ɖiwo dzi keŋkeŋ, eye woanɔ abe dzowɔ ene ɖe miaƒe afɔ te. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.” |
| 4 |
| “Miɖo ŋku nye dɔla Mose ƒe se, ɖoɖowo kple kɔnuwo, siwo mede asi nɛ le Xoreb-to dzi na Israel-dukɔ blibo la dzi. |
| 5 |
| “Kpɔ ɖa, maɖo gbeƒãɖela Eliya ɖe mi hafi Aƒetɔ ƒe ŋkeke sesẽ dziŋɔ ma nava ɖo. |
| 6 |
| Ne eva la, atrɔ vi tɔ́wo ƒe dzi ɖe wo viwo ŋu, eye wòatrɔ viwo ƒe dzi ɖe wo tɔ́wo ŋu; ne nyemava tsrɔ̃ anyigba la kple fiƒode o.” |
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/malachi/004.mp3
4
4